Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 76:10 - Agbenya La

10 Vavã, wò dziku helĩhelĩ ɖe amewo ŋu, he kafukafu vɛ na wò, eye ame siwo tsi agbe le wò dziku la megbe la dze akɔ anyi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, ne wòaxɔ na anyigba dzi hiãtɔwo katã. Sela.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 76:10
20 Mawu Ofanana  

Le nye ɖeka gome la, Mawu trɔ nu si mieɖo be wòanye nu vɔ̃ la wòzu nu nyui, elabena etsɔm ɖo teƒe kɔkɔ si mele egbe la be mate ŋu aɖe ame geɖewo ƒe agbe.


Èɖo liƒo si dzi womate ŋu adze to o la na wo, eye womagakaka axɔ anyigba dzi akpɔ gbeɖe o.


Kpɔtsɔtsɔ mele Yehowa ƒe nyawo ŋuti o, wole abe klosalo si wololo le anyikpo me, eye wòdza zi gbɔ zi adre la ene.


Hoowɔwɔ ɖo dukɔwo me, fiaɖuƒewo mu; ekɔ eƒe gbe dzi, tete anyigba lolo.


wò ame si tsi atsiaƒu ƒe hoowɔwɔ kple ƒutsotsoe dzeagbowo kpakple dukɔwo ƒe ʋunyaʋunyawo nu.


O! Mawu, tso, eye nàdrɔ̃ ʋɔnu anyigba la elabena dukɔwo katã nye wò domenyinu.


Menya azɔ be Yehowa tri akɔ wu mawu bubu ɖe sia ɖe, elabena eɖe eƒe amewo tso Egiptetɔwo, ame siwo nye dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo la ƒe asi me.”


gake adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔnyenye me, eye wòatso afia na anyigbadzihiãtɔwo ɖe eteƒe. Atsɔ eƒe numetikplɔ aƒo anyigba la, eye wòatsɔ eƒe numegbɔgbɔ atsrɔ̃ ŋutasẽlawoe.


“Le nyateƒe me la, ne womeɖe le nenem ŋkekeawo dzi o la, amegbetɔƒome la katã atsrɔ̃. Ke meka ɖe edzi na mi be le Mawu ƒe ame tiatiawo ta la, woato ŋkeke siawo ɖe eme.


Pilato ɖo eŋu na wo be, “Nu si meŋlɔ la, meŋlɔe xoxo.”


Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na Farao be, “Esia ta mefɔ wò ɖe tsitre, be maɖe nye ŋusẽ ɖe go afia le mewò, be woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigbawo katã dzi.”


Dukɔwo le nyanyram, eye wò dziku ɖiɖi va. Ɣeyiɣi de be woadrɔ̃ ʋɔnu kukuawo, eye woatu fe na wò dɔla, nyagblɔɖilawo, wò ame kɔkɔeawo kple ame siwo dea bubu wò ŋkɔ ŋuti la, ame gblɔewo kple amegãwo siaa. Nenema ke míeda akpe na wò be nètsrɔ̃ ame siwo tsrɔ̃ anyigba la.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa