Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 74:7 - Agbenya La

7 Wotɔ dzo wò kɔkɔeƒe la wòbi va anyigba, eye wodo gu teƒe si wò Ŋkɔ nɔna.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Wotɔ dzo wò kɔkɔeƒe la, wogblẽ kɔ ɖo na wò ŋkɔ ƒe nɔƒe la vaseɖe anyigba ke,

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 74:7
14 Mawu Ofanana  

“Azɔ la, Yehowa wɔ nu si ŋugbe wòdo elabena mezu Israel fia ɖe fofonye David yome eye azɔ la, metu gbedoxɔ sia na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ.


Etɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔ, fiasã la kple aƒe siwo le Yerusalem. Vavã, etɔ dzo aƒe vevi ɖe sia ɖe.


Wotɔ dzo Mawu ƒe gbedoxɔ la, gbã Yerusalem ƒe gliwo, wotɔ dzo fiasãwo katã eye wogblẽ nu sia nu si ŋu asixɔxɔ nɔ le afi ma.


Ète fli ɖe nu si nèbla kple wò dɔla me, eye nèdo gu eƒe fiakuku, tsɔe ƒu gbe ɖe ke me.


“ ‘Mitsɔ anyi ɖi vɔsamlekpuiwo nam. Miwɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo kple alẽwo kple nyiwo le wo dzi nam. Miɖi vɔsamlekpuiwo ɖe teƒe siwo mafia mi la ko, eye mava yra mi le teƒe mawo.


Wotɔ dzo míaƒe gbedoxɔ kɔkɔe dzeani si me mia fofowo kafu wò le, eye nu siwo katã ŋuti míede asixɔxɔe la gblẽ.


Etɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔ, fiasã la kple aƒe siwo le Yerusalem. Vavã, etɔ dzo aƒe vevi ɖe sia ɖe.


Aƒetɔ la gblẽ Yakob ƒe nɔƒewo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Eye le eƒe dziku me wògbã Yuda vinyɔnu ƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi. Egbã eƒe fiaɖuƒe kple eƒe dumegãwo ƒu anyi le vlododo me.


Ekaka eƒe nɔƒe abe ale si wokakaa kpɔ le abɔ ŋu ene hegblẽ eƒe takpeƒe. Yehowa na Zion ŋlɔ eƒe ŋkekenyuiwo kple Dzudzɔgbewo be eye le eƒe dziku helĩhelĩ me wòdo vlo fia la kple nunɔla siaa.


Gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mele kɔ gblẽ ge ɖo na nye kɔkɔeƒe la, ŋusẽteƒe si dzi miedana ɖo, teƒe si doa dzidzɔ na miaƒe ŋkuwo kple teƒe si mielɔ̃. Viŋutsu kple vinyɔnu siwo miegble ɖi la atsi yinu


Makplɔ dukɔ vɔ̃ɖitɔwo vɛ be woava xɔ woƒe aƒewo, matsi ŋusẽtɔwo ƒe dada nu, eye woagblẽ kɔ ɖo na woƒe Kɔkɔeƒewo.


Mana miaƒe du gãwo nazu aƒedowo, magblẽ miaƒe mawusubɔƒewo, eye miaƒe dzudzɔdovɔsamlekpuiwo magadze ŋunye o.


“Fia la do dɔmedzoe, ale wòdɔ eƒe asrafowo woyi ɖawu hlɔ̃dola siawo, eye wotɔ dzo woƒe du la wòbi keŋ.


ke boŋ mitu kɔkɔeƒe aɖe ɖe afi si Yehowa, miaƒe Mawu ŋutɔ afia asii na mi abe eƒe aƒe ene le miawo ŋutɔ mia dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa