Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 74:18 - Agbenya La

18 O! Yehowa, ɖo ŋku ale si futɔ la do vlo wò kple ale si bometsilawo ɖe alɔme le wò ŋkɔ ŋuti la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Yehowa, do ŋui be, wòe futɔ la do vloe, eye wò ŋkɔ ŋu dukɔ bometsila la ɖe alɔme le!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 74:18
16 Mawu Ofanana  

Ɖewohĩ, Yehowa, wò Mawu la se ale si Asiriatɔwo ƒe aʋafia la tsi tsitre ɖe Mawu gbagbe la ŋu eye wòaka mo nɛ. Oo, do gbe ɖa ɖe mí ame ʋɛ siwo susɔ la ta.’ ”


Dɔla siawo ƒo nu tso Yerusalem ƒe Mawu la ŋu abe ɖe wòle abe trɔ̃subɔlawo ƒe mawu, siwo nye legba siwo amegbetɔ wɔ la dometɔ ɖeka ene!


O! Yehowa, ɖo ŋku nu si Edomtɔwo wɔ la dzi, gbe si gbe wogbã Yerusalem. Wodo ɣli be, “Mimui ƒu anyi, migbãe, va se ɖe eƒe gɔmeɖokpewo dzi ke!”


Ɖem tso nye vodadawo katã me, eye mègawɔm mazu alɔmeɖenu na yakamewo o.


Woayra ame si tsɔ ɖe le eme na ame dahewo, Yehowa aɖee le xaxaɣi.


O! Mawu, tso eye nàʋli wò bubu ta; ɖo ŋku ale si bometsilawo le alɔme ɖem le ŋuwò ŋkeke blibo lae dzi.


O, Yehowa, ɖo ŋku nu si dzɔ ɖe mía dzi la dzi, ɖo ŋku anyi eye nàkpɔ míaƒe ŋukpe ɖa.


Ke le nye ŋkɔ ta, mewɔ nu si aɖe nye ŋkɔ tso gudodoe me le dukɔ siwo ŋkume meɖe wo tso Egipte le.


Mieƒo adegbe, tsi tsitre ɖe ŋunye, miegblɔ nya vɔ̃wo bababa ɖe ŋunye, eye mese wo.


Ke mebu eŋu hekpɔ be, Nye futɔwo aƒo adegbe be, ‘Míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽe ɖu Israel dzi; Menye Yehowae wɔ esia o!’ ”


Nu siae nàwɔ ɖe Yehowa ŋua? O! Dukɔ si me abunɛtɔwo le. Ɖe menye Mawue nye fofowò oa? Menye eyae wɔ wò oa? Ɖe meɖo gɔwòme anyi, hena ŋusẽ wò oa?


Du gã la ma ɖe akpa etɔ̃ me, eye dukɔwo ƒe duwo mu dze anyi. Mawu ɖo ŋku Babilonia Gã la dzi, eye wòtsɔ kplu si yɔ fũu kple eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe wain la nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa