14 Wòe gbã Leviatan ƒe ta, eye nètsɔe wɔ nuɖuɖui na gbemelãwo.
14 Egbã lo ƒe ta, eye nètsɔe wɔ nuɖuɖu na gbegbenɔlawo ƒe amehawo.
Ame siwo ƒoa fi dea ŋkekewo la, neƒo fi de ŋkeke ma, ame siwo le klalo be woade adã ta me na ʋɔ driba la.
Dukɔ siwo le gbegbe la ade ta agu nɛ, eye eƒe futɔwo aɖuɖɔ ʋuʋudedi.
Ale Yehowa ɖe Israelviwo gbe ma gbe tso Egiptetɔwo ƒe asi me. Israelviwo kpɔ Egiptetɔwo woku, eye atsiaƒu la ɖe woƒe kukuawo ƒu gbe ɖe gota.
Le ŋkeke ma dzi la, Yehowa atsɔ eƒe yi dziŋɔ, gã, sẽŋu la ahe to na Leviatan, da si nɔa eɖokui xatsam la; awu ʋɔ driba si le atsiaƒu me la hã.
Gake ɖekoe miagadze aglã ɖe Yehowa ŋu o, eye migavɔ̃ ame siwo le anyigba la dzi o, wo dzi ɖuɖu le bɔbɔe na mí, elabena luʋɔ dzo le wo ta, ke míawo ya la, Yehowa li kpli mí, eya ta migavɔ̃ na wo o.”
Elé ʋɔ driba la, da xoxo ma si nye gbɔgbɔ vɔ̃ alo Satana, eye wòblae hena ƒe akpe ɖeka (1,000).