Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 73:6 - Agbenya La

6 Eya ta dada nye woƒe kɔga, eye wodo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ abe awu ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eyata dada enye woƒe kɔdzonu, eye wotsyɔ ŋutasesẽ abe avɔ ene.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 73:6
25 Mawu Ofanana  

Tete Farao ɖe eƒe ŋkɔsigɛ le asi hetsɔ de na Yosef; edo aklala biɖibiɖi ƒe awu nɛ, eye wòde sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ.


Le nu siawo megbe la, Fia Ahasuerus do Haman, ame si nye Hamedata, Agagitɔ ƒe vi la, ɖe ŋgɔ wòzu dukɔkplɔlawo dometɔ gãtɔ. Eyae nye ame si kplɔ fia la ɖo le ŋusẽkpɔkpɔ me le fiaɖuƒe blibo la me.


Etsɔ ɖiŋudodo do abe awu ene, wòge ɖe eƒe lãme abe tsi ene, eye wòɖo eƒe ƒuwo me abe ami ene,


Nunyetsolawo ado vlododo abe awu ene, eye wòata ŋukpe abe avɔ ene.


Anye seƒoƒokuku aɖo atsyɔ̃ na wò ta kple kɔga anɔ kɔwò.


Mègabiã ŋu ŋutsu nu sesẽ wɔla alo azɔ le eƒe mɔ aɖeke dzi o,


Woɖua vɔ̃ɖinyenye ƒe abolo eye wonoa nu sesẽ wɔwɔ ƒe wain.


Le esi Mawu mehea to na nu vɔ̃ wɔlawo o ta la, amewo buna be ne yewowɔ nu vɔ̃ hã la, yewole dedie.


Wò nu lé dzi nam, nɔvinye nyɔnu kple nye ŋugbetɔ; wò nu lé dzi nam esi nètsɔ wò ŋkuwo kpɔm zi ɖeka pɛ ko, eye nye ŋkuwo lɔ kɔga si nède la.


aɖe togɛwo, alɔnugɛwo kple motsyɔnuwo ɖa.


“Moab li bɔkɔɔ tso eƒe ɖevime ke abe wain si ɖo ƒã ɖi kpoo eye wometrɔe tso go ɖeka me kɔ ɖe go bubu me o ene; esia nye be meyi aboyo me kpɔ o. Eya ta eƒe vivi gale eŋu eye eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ metrɔ o.


Yehowa be, “Míese Moab ƒe dada, ɖokuiŋudzedze, adegbeƒoƒo, ɖokuidzadzra kple amemabumabu kple eƒe dzi ƒe kɔkɔ ɖe dzi.


Metsɔ kpe xɔasinuwo ɖo atsyɔ̃ na wò. Medo abɔgɛ ɖe abɔ na wò, eye medo kɔga ɖe kɔ na wò;


egblɔ be, “Ɖe menye esiae nye Babilonia gã si metu abe nye fia la ƒe nɔƒe to nye ŋusẽ triakɔ kple nye fianyenye ƒe ŋutikɔkɔe me ene oa?”


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mi nyagblɔɖila siwo kplɔa nye amewo tranae; ne ame aɖe na nu wo, woɖu la, wodoa ŋutifafa nɛ; ke ne ame aɖe mena nu wo o la, wohoa aʋa ɖe eŋuti.


Ke sẽe ko la, Yesurun ɖu nu ɖi ƒo, ɛ̃, ekpɔ lãme, da ami heklã. Tete wògbe nu le eƒe Mawu la gbɔ eɖe asi le eƒe xɔxɔ ƒe Agakpe la ŋu.


Nenema ke, mi ɖekakpuiwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na ame tsitsiwo. Mido ɖokuibɔbɔ abe awu ene na mia ɖokuiwo, ale be miate ŋu asubɔ mia nɔewo, elabena, “Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la nu.”


Sikatogɛ siwo wòbia la ƒe kpekpeme va le kilogram wuiasiekɛ kple afã, ke womebu atsyɔ̃ɖonuwo, dzonu xɔasiwo kple awu dzĩ si Midian fiawo dona alo kɔga siwo wodena na woƒe kposɔwo la ɖe eme o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa