Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 72:9 - Agbenya La

9 Dukɔ siwo le gbegbe la ade ta agu nɛ, eye eƒe futɔwo aɖuɖɔ ʋuʋudedi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Gbegbe nɔlawo adze klo ɖe eŋku me, eye eƒe futɔwo atu mo ke me.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 72:9
12 Mawu Ofanana  

Eya ta Yehowa Mawu gblɔ na da la be, “Ɖe nu si nèwɔ ta la, “Maƒo fi ade wò ɖeka le aƒemelã kple gbemelã siwo katã le anyigba dzi la dome! Wò ƒodo dzi nàzɔ eye ʋuʋudedi anye wò nuɖuɖu le wò agbemeŋkekewo katã me.


Baalat kple Tadmɔ siwo nye gbegbe le eƒe anyigba dzi la tu.


Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ la be, “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.”


Adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo, eye wòali kɔ woƒe kukuawo, nenema ke wòagbã dziɖulawo le anyigba blibo la dzi.


Àtsɔ gafiatikplɔ aɖu wo dzii, eye àxlã wo ɖi, woakaka abe ale si ze gbãnae ene.”


Kesinɔtɔ siwo katã le anyigba dzi la aɖu nu, eye woasubɔe; ame siwo katã mate ŋu anɔ agbe o, eye woyi ɖe ke ƒe tume la adze klo ɖe eŋkume.


Fiawo aɖu fofo na mia viwo, fia nyɔnuwo ana no mia viwo. Woade ta agu, atsyɔ mo anyi na mi le ŋkuwò me, eye woaɖuɖɔ ke le afɔŋu na wò. Ekema ànyae be nyee nye Yehowa, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔwo dana ɖe dzinye la, nyemenana ŋu kpea wo o.”


Woaɖu ʋuʋudedi abe da kple nu gbagbe siwo tana le anyigba la ene. Woado le woƒe dowo me kple vɔvɔ̃, atrɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu eye woavɔ̃ miawo hã.


Azɔ le nye futɔ siwo tsi tsitre ɖe ŋunye, eye womedi be maɖu fia ɖe yewo dzi o la, mikplɔ wo va ŋkunyemee ne miatso ta le wo nu.’ ”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa