Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 72:7 - Agbenya La

7 Ame dzɔdzɔewo ayi ŋgɔ le eƒe ɣeyiɣiwo me, eye kesinɔnuwo ado agbogbo va se ɖe esime ɣleti magaɖi o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ekema ame dzɔdzɔe la amie le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe, vaseɖe esime dzinu maganɔ anyi o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 72:7
24 Mawu Ofanana  

Le Fia Solomo ƒe agbenɔɣi blibo la me la, ŋutifafa kple dedinɔnɔ nɔ Yuda kple Israel siaa eye aƒe kple agble nɔ ƒome ɖe sia ɖe si.


Fia Solomo yi edzi be, “Ke azɔ la, Yehowa, nye Mawu na ŋutifafa Israel le goawo katã me, dukɔ bubuwo meganye futɔwo nam o,


Ame dzɔdzɔewo atsi abe ale si deti tsinae ene, woatsi akɔ abe Lebanon ƒe sedati ene;


Adrɔ̃ ʋɔnu le dukɔwo dome, eye wòadzra ame geɖewo dome ɖo. Woatsɔ woƒe aʋawɔyiwo atu kodzoewoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ̃ gobɛwoe. Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu alo axɔ hehe na aʋawɔwɔ o.


“Tso nàklẽ, elabena wò kekeli do, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe dziwò,


Ame ʋɛ siwo le mia dome la azu akpe, eye ame siwo mesɔ gbɔ o la azu dukɔ gã dranyi aɖe. Nyee nye Yehowa, le ewɔɣi la, mawɔ esia wòatsɔ kaba.”


“Le fia mawo ƒe ɣeyiɣiwo me la, Mawu si le dziƒo la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi si magbã akpɔ gbeɖe o eye womagblẽe ɖi na ame bubuwo o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã eye wòahe woƒe nuwuwu vɛ, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


Axɔ tasiaɖamwo le Efraim si kple aʋawɔsɔwo le Yerusalem si, eye wòaŋe woƒe aʋawɔdatiwo. Aɖe gbeƒã ŋutifafa na dukɔwo, eƒe fiaɖuƒe akeke tso ƒuta ayi ƒuta, tso tɔsisi la nu ayi anyigba ƒe seƒewo ke.


Ke mi ame siwo vɔ̃a nye ŋkɔ la, dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe adze na mi eye dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ anɔ eƒe aʋalawo me. Miazɔ le ablɔɖe me, eye miati kpo akpɔ dzidzɔ abe nyitsui siwo do go tso nyikpo me le ƒoɖiɖi me ene.


Ale wòaɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe dzi, eye eƒe fiaɖuƒe mawu nu akpɔ o.”


“Woakafu Mawu si le dziƒo ʋĩi, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; anɔ anyi kple ame siwo katã wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.”


Xɔsetɔ siawo katã ƒe dziwo kple susuwo nɔ ɖeka. Wo dometɔ aɖeke mebuna be nu si le ye si la nye ye ɖeka ko tɔ o, ke boŋ womaa nuwo ɖe wo nɔewo dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa