Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 72:5 - Agbenya La

5 Zi ale si ɣe kple ɣleti li la, anɔ te le dzidzimewo katã me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ekema woavɔ̃ wò, ŋkeke alesi ɣe kple ɣleti li, tso dzidzime yi dzidzime.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 72:5
14 Mawu Ofanana  

Fia Solomo ƒe nyametsotso sia kaka ɖe dukɔ blibo la me enumake eye ameawo katã ƒe nu ku esi wodze si nunya gã si Mawu nae.


Eƒe ŋkɔ nenɔ anyi ɖaa, eye nenɔ anyi zi ale si ɣe le keklẽm. Woayra dukɔwo katã to eya amea dzi, eye woayɔe be yayratɔ.


Ame dzɔdzɔewo ayi ŋgɔ le eƒe ɣeyiɣiwo me, eye kesinɔnuwo ado agbogbo va se ɖe esime ɣleti magaɖi o.


Maɖo eƒe ƒome anyi tegbee, eye zi ale si dziƒo li la, nenema ke eƒe fiazikpui hã anɔ anyii.


Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔ eƒe fiaɖuƒe ŋu o. Aɖu fia le fofoa David ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me, ne woafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso ɣe ma ɣi yi ɖe mavɔ me. Nu sia ava eme, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe didi vevie awɔe ade goe.


“Le fia mawo ƒe ɣeyiɣiwo me la, Mawu si le dziƒo la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi si magbã akpɔ gbeɖe o eye womagblẽe ɖi na ame bubuwo o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã eye wòahe woƒe nuwuwu vɛ, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple gãnyenye ƒe ŋusẽ nɛ eye amewo katã kple dukɔwo katã kple ame siwo tso gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me la subɔe. Eƒe dziɖuɖu nye dziɖuɖu si anɔ anyi tegbee, dziɖuɖu si nu matso o eye eƒe fiaɖuƒe nye esi womagbã gbeɖe o.


Ekema woatsɔ dziɖuɖu, ŋusẽ kple fiaɖuƒewo ƒe gãnyenye le dziƒo blibo la ana ame kɔkɔeawo, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe amewo. Eƒe fiaɖuƒe la anye fiaɖuƒe mavɔ, dziɖulawo katã asubɔe eye woaɖo toe.’


eya tɔe nye ŋutikɔkɔe le hamea me kple Kristo Yesu me le dzidzimewo katã me, tso mavɔ me yi mavɔ me! Amen.


Mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ la, eye gbe sesẽ aɖewo ɖi le dziƒo nutowo me bena, “Xexea me ƒe fiaɖuƒe la zu míaƒe Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒe, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.”


Ale Samuel yɔ Yehowa eye wòɖo dziɖegbe kple tsidzadza ɖa gbe ma gbe. Ameawo vɔ̃ Yehowa kple Samuel ŋutɔŋutɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa