Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 72:18 - Agbenya La

18 Woakafu Yehowa Mawu, Israel ƒe Mawu la, eya ame si ko wɔa nu dzɔatsuwo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Woakafu Yehowa Mawu, Israel ƒe Mawu la, amesi ɖeɖe ko wɔ nukunuwo!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 72:18
14 Mawu Ofanana  

David ganɔ ameha blibo la ŋkume eye wòkafu Yehowa gblɔ bena, “Oo, Yehowa, mía fofo Israel ƒe Mawu, woakafu wò ŋkɔ tegbetegbe.


Azɔ la, David gblɔ na ameawo katã be, “Mikafu Yehowa, miaƒe Mawu la” eye wokafu Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la. Wode ta agu le Yehowa kple fia la ŋkume.


Ewɔa dzesi siwo gɔme womate ŋu ase o eye wòwɔa nukunu siwo womate ŋu axlẽ o.


Ewɔ nu dzɔtsu siwo me dzodzro meli o eye wòwɔ nukunu siwo mele xexlẽme o.


Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me. Dukɔ blibo la nàgblɔ be, “Amen!” Mikafu Yehowa.


Eya ɖeka hɔ̃ɔ koe wɔa nukunu dzɔatsuwo, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.


Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la tso mavɔ me yi mavɔ me. Neva eme, ɛ̃, neva eme.


O! Mawu, ŋɔdzi le ŋuwò le wò kɔkɔeƒe la; Israel ƒe Mawu la na ŋusẽ kple ŋutete eƒe dukɔ la. Woakafu Mawu!


Wòe nye Mawu si wɔ nukunuwo, eye nèɖe wò ŋusẽ fia le dukɔwo dome.


Ètsɔ wò abɔ sesẽ la ɖe wò dukɔ la, ame siwo nye Yakob kple Yosef ƒe dzidzimeviwo. Sela


Elabena èlolo, eye nèwɔ nu dzɔatsuwo; wò koe nye Mawu.


Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo; eƒe nuɖusi kple eƒe abɔ kɔkɔe la wɔ ɖeɖedɔ nɛ.


“O, Yehowa, ame kae le abe wò ene le mawuwo dome? Ame kae le abe wò ene le kɔkɔenyenye kɔkɔtɔ me, le ŋutikɔkɔe ƒe ŋɔdzi me, eye wòwɔa nukudɔwo?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa