Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 72:11 - Agbenya La

11 Fiawo katã ade ta agu nɛ, eye dukɔwo katã asubɔe,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Fiawo katã aɖe ta agu nɛ, eye dukɔwo katã asubɔe.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 72:11
15 Mawu Ofanana  

O! Aƒetɔ, dukɔ siwo katã nèwɔ la ava asubɔ le ŋkuwò me, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ.


Naneke mahe vɔ̃ alo gbegblẽ va nye to kɔkɔe blibo la dzi o, elabena sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi abe ale si tsi yɔa atsiaƒu mee ene.


Ale Yehowa, Ɖela kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔ na dziɖulawo ƒe dɔla be, “Fiawo akpɔ wò, eye woatso anɔ tsitre. Fiaviwo akpɔ wò, eye woade ta agu na Yehowa nuteƒewɔla, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, ame si tia wò la ta.”


elabena wò wɔlae nye srɔ̃wò. Eƒe ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ. Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò Ɖela. Woyɔnɛ be anyigba blibo la ƒe Mawu.


Woaɖu ʋuʋudedi abe da kple nu gbagbe siwo tana le anyigba la ene. Woado le woƒe dowo me kple vɔvɔ̃, atrɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu eye woavɔ̃ miawo hã.


Tsi asi tso woƒe tɔkpowo me. Tsi anɔ woƒe kuwo me fũu. “Woƒe fia axɔ ŋkɔ wu Agag. Woado woƒe fiaɖuƒe ɖe dzi.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, medi be mianya nyateƒe sia tso Mawu gbɔ, ale be miagado mia ɖokuiwo ɖe dzi, eye miade asi dada me o. Ɛ̃, eme kɔ be Israel ƒe ame aɖewo tsi tsitre ɖe nyanyui la ŋu azɔ, ke anɔ alea va se ɖe esime mi ame siwo menye Yudatɔwo o la katã, miava Kristo gbɔ.


Mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ la, eye gbe sesẽ aɖewo ɖi le dziƒo nutowo me bena, “Xexea me ƒe fiaɖuƒe la zu míaƒe Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒe, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.”


Woawɔ aʋa kple Alẽvi la, gake Alẽvi la aɖu wo dzi, elabena eyae nye aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ kple fiawo ƒe Fia la, eye eƒe ame tiatiawo, ame siwo wòyɔ kple ame siwo dze eyome le anukware me la anɔ egbɔ.”


Dukɔwo azɔ le eƒe kekeli nu, eye anyigbadzifiawo atsɔ woƒe atsyɔ̃ age ɖe eme.


Woatsɔ dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe kple bubu ava eme.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa