Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 72:1 - Agbenya La

1 O! Mawu, tsɔ wò afia nyui tsotso do na fia la, kple wò dzɔdzɔenyenye na fiavi la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Salomo tɔ. Mawu, tsɔ wò ʋɔnudɔdrɔ̃ na fia la kple wò dzɔdzɔenyenye na flavi la!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 72:1
14 Mawu Ofanana  

Israel ƒe Agakpe la gblɔ nam be, ‘Ame si ɖua dzi kple dzɔdzɔenyenye le mawuvɔvɔ̃ me la,


Zadok tsɔ lãdzo si me ami kɔkɔe le la tso Agbadɔ la me yi Gihon eye wòkɔe ɖe tame na Solomo. Woku kpẽawo eye ameawo katã do ɣli be, “Fia Solomo nanɔ agbe tegbee!”


Na dzi nyanu wò dɔla ale be wòate ŋu aɖu wò dukɔ dzi eye wòade vovototo nyui kple vɔ̃ dome elabena ame kae ate ŋu aɖu wò dukɔ gã sia dzi?”


David ɖu Israel blibo la dzi kple dzɔdzɔenyenye eye wòwɔ nyui na ame sia ame.


Ke mana nàdzi viŋutsu aɖe ame si anye ŋutifafame aɖe elabena mana ŋutifafa nanɔ eya kple futɔwo dome le dukɔ siwo ƒo xlã mi la me. Woayɔe be Solomo, si gɔmee nye, “Ŋutifafa” eye mana ŋutifafa kple dzidzeme Israel le eƒe fiaɖuɣi.


Na dzi nyui si trɔ ɖe Mawu ŋu la vinye, Solomo, ale be wòawɔ wò sewo dzi le nu suetɔwo kekeake me eye wòakpɔ mɔ na wò gbedoxɔ si tutu ta mewɔ dzadzraɖo siawo katã la ƒe nuwuwu.”


Azɔ la, na nunya kple sidzedzem be maɖu nye amewo dzi nyuie elabena ame ka ate ŋu aɖu dukɔ gã sia tɔgbi abe wò dukɔ la ene dzi le eɖokui si?”


Ne Yehowa metu xɔ o la, etulawo le agbagba dzem dzodzro. Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la, dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ.


Yehowa ƒe Gbɔgbɔ anɔ eya amea dzi, nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ; aɖaŋudede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ kple sidzedze kple Yehowavɔvɔ̃ ƒe gbɔgbɔ,


Elabena ame si Mawu ɖo ɖa gblɔa Mawu ƒe nyawo elabena Mawu na Gbɔgbɔ lae le agbɔsɔsɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa