Vavã, ƒuƒu ko ame gbɔlowo nye, eye alakpa nye ame siwo nye ame ŋkutawo, elabena ne woda wo le nudanu dzi la, tofloko ko wonye, eye wo katã ƒuƒu ko wonye.
Kpɔ ɖa, nye kple vinye siwo Yehowa nam lae nye esi. Mienye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si le Zion to la dzi la gbɔ.
O Yehowa, nye ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe le hiahiãgbe, gbɔwòe dukɔwo ava tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke, agblɔ be, “Alakpamawuwo koe mia fofowo tsɔ nyi domee; toflokolegbawo wonye, eye womehe nu nyui aɖeke vɛ na wo o.
Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Maria be, “Woɖo ɖevi sia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple dodoɖedzi le Israel, eye abe dzesi si ŋu woagblɔ nya ɖo ene,
Esi takpekpea kpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, evɔ wonye ame gbɔlo siwo menya agbalẽ o la, woƒe mo wɔ yaa, eye wode dzesii be ame siawo nɔ Yesu ŋu va yi.
Elabena edzena nam be Mawu tsɔ mí apostolowo da ɖe fli la ƒe nuwuwu abe ame siwo wotso kufia na woyina wuwu ge le dutoƒo la ene. Wodo kpɔkpɔ mí le xexea me katã le mawudɔlawo kple amegbetɔwo gbɔ.