Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 71:20 - Agbenya La

20 Togbɔ be èna mekpɔ xaxa geɖe kple vevesese hã la, àgaɖo nye agbe te, eye àva kplɔm ado goe tso anyigba ƒe tume ke.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Wò amesi na míekpɔ hiã kple dzɔgbevɔ̃e geɖe la, wò kee agbɔ agbe mí, eye nahe mí tso anyigbatu me ke ava dzii.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 71:20
26 Mawu Ofanana  

“ ‘Meka atam be le nu si nèwɔ ta la, mana wò ŋutɔ wò aƒemetɔwo natso ɖe ŋuwò. Matsɔ srɔ̃wòwo ana ŋutsu bubuwo eye wòadɔ wo gbɔ le ŋdɔkutsu dzatsɛ be ame sia ame nakpɔ.


Wotsɔm mlɔ anyigba le ke me, kpɔ nye agbe ta le wò nya la nu.


Togbɔ be mele zɔzɔm le xaxa me hã la, èkpɔ nye agbe ta, eye nèkɔ wò asi dzi do ɖe nye futɔwo ƒe dɔmedzoe ŋu, hetsɔ wò nuɖusi xɔ nam.


elabena màgblẽm ɖi na yɔdo alo ana wò, Kɔkɔetɔ la, nàkpɔ gbegblẽ o.


Èna ɣeyiɣi sesẽwo tu wò dukɔ la, eye nèna wain mí míeno mu hele yiyim sɔgɔsɔgɔsɔgɔ.


Xɔ na mí, eye nàɖe mí kple wò nuɖusi, be ame siwo nèlɔ̃ la nakpɔ xɔxɔ.


Ekema míatrɔ le yowòme o; gbɔ agbe mí, eye míayɔ wò ŋkɔ.


Màgagbɔ agbe mí, be wò dukɔ nàkpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò oa?


elabena wò lɔlɔ̃ nam lolo ŋutɔ, eye nèɖem tso keke tsiẽƒe ʋĩi ke.


Anyigba ƒe gogloƒewo le eƒe asi me, eye towo ƒe tsutsueƒe ke hã nye etɔ.


Ke ame siwo ku le mewò la anɔ agbe; woƒe ŋutilãwo atsi tsitre. Mi ame siwo mlɔ ke me, minyɔ, eye miado dzidzɔɣli. Miaƒe ahũ le abe esi dzana le ŋdi la ene. Anyigba aɖe eƒe ame siwo ku la ɖe go.


Le nyateƒe me la, nye nyonyo tae nèna meto vevesese mawo me. Wò lɔlɔ̃ na be nèɖem tso gbegblẽ ƒe do globo me, eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒu gbe ɖe megbe wò.


Meyi to ɖe to kɔkɔ siwo le ƒua me la ƒe agu nu ke. Wotu agbe ƒe mɔ ɖe nunye eye wode gam ɖe ku ƒe anyigba dzi. Gake wò Yehowa, nye Mawu, èɖem tso ku ƒe asi me!


Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eloi, Eloi, lama sabaktani?” (si gɔmee nye “Nye Mawu, Nye Mawu, nu ka ta nègblẽm ɖi?”).


Gake Mawu ŋutɔ gaɖe Yesu tso ku ƒe ŋɔdzi me, fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, elabena ku ƒe ŋusẽ mate ŋu aɖu Yesu dzi o.


(“Eɖi va anyi” gɔme ɖe? Egɔmee nye be eɖi va anyigba, yi ɖe keke anyigba tume ke.


Meɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, wòe nyae.” Eye wògblɔ nam be, “Woawoe nye ame siwo do go tso xaxa gã la me. Wonya woƒe awu ʋlayawo, eye wowɔ wo ɣie to Alẽvi la ƒe ʋu me.


“Yehowa wua ame gagbɔa agbe ame; enana woyia yɔ me eye wògafɔa ame tso yɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa