Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 71:18 - Agbenya La

18 O! Mawu, ne metsi, ƒo wɔ hã la, mègagblẽm ɖi o, va se ɖe esime maɖe gbeƒã wò ŋusẽ na dzidzime si ava dzɔ kple wò ŋusẽ na ame siwo woava dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eyata, Mawu, megagblẽm ɖi o vaseɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me, vaseɖe esime meɖe gbe ƒã wò alɔ na dzidzimeviwo kple wò ŋusẽ na megbeviwo katã!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 71:18
16 Mawu Ofanana  

Esi Isak tsi ku amegã belibeli, eye megate ŋu nɔ nu kpɔm tututu o la, eyɔ via tsitsitɔ Esau gbe ɖeka. Eyɔe be, “Vinye.” Esau tɔ be, “Nyee nye esi.”


Woaɖe gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye na ame siwo meva dzɔ haɖe o, elabena eyae wɔe.


elabena Mawu siae nye míaƒe Mawu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me; eyae anye mía kplɔla yi ɖase ɖe nuwuwu.


Mègatsɔm ƒu gbe, ne meku amegã o, eye mègagblẽm ɖi ne ŋusẽ vɔ le ŋunye o.


Míawo míaɣlae ɖe mía viwo o, ke boŋ míagblɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔ siwo dze na kafukafu, eƒe ŋusẽ kple nukudɔ siwo wòwɔ la na megbeviwo.


ale be dzidzime megbetɔwo hã nanya wo, eye vi siwo womedzi haɖe o hã nanya wo, ne woawo hã nafia wo viwo.


Le gbe ma gbe la, migblɔ na mia viŋutsuwo be, ‘Mele esia wɔm ɖe nu si Yehowa wɔ nam, esi medo go le Egipte la ta.’


va se ɖe miaƒe tsitsime esime miaƒe taɖa ƒo wɔ ke hã la, nye koe, nye ɖeka koe ate ŋu alé mi ɖe te. Nyee wɔ mi, eye matsɔ mi ada ɖe ɖokuinye dzi.


Nyɔ, nyɔ! O! Yehowa ƒe alɔ, ne nàtsɔ ŋusẽ ado. Nyɔ abe le tsã ƒe ɣeyiɣiwo kple blemaŋɔliwo ene. Ɖe menye wòe fli Rahab kakɛkakɛ, eye nètsɔ nu ƒo ɖe lã dziŋɔ la oa?


Ame kae xɔ miaƒe gbedeasi la dzi se, eye ame ka ŋue woɖe Aƒetɔ la ƒe alɔ fia ɖo?


“Esi David wɔ eƒe agbemedɔ vɔ abe ale si Mawu dii ene la, eku, woɖii ɖe fofoawo dome, eye eƒe ŋutilã ƒaƒã ɖe tome.


Azɔ Eli xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-enyi eye eƒe ŋkuwo megale nu kpɔm nyuie o.


Esi ame dɔdɔ la gblɔ nya si dzɔ ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la dzi ko la, Eli mu le eƒe zikpui dzi, dze anyi ɖe megbe le eƒe agbo la nu. Etɔ kɔ anyi eye wòku elabena etsi eye wònye ame lolo hã. Edrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe blaene hafi ku.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa