Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 71:10 - Agbenya La

10 Elabena nye futɔwo ƒo nu tsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame siwo le lalam be yewoawum la, wɔ ɖeka ɖo nugbe ɖe ŋunye.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Elabena nye futɔwo le nu ƒom le ŋunye, eye amesiwo de xa ɖe nye agbe ŋu la, le adaŋu dem kple wo nɔewo

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 71:10
13 Mawu Ofanana  

Edea xa ɖe ɣaɣlɛƒe abe dzatae be ɖe ave xa ene; ale be wòalé amemanɔsitɔ; eléa amemanɔsitɔ, eye wòhea wo ɖe eƒe ɖɔ me dzonae.


Esia nenye fe si Yehowa axe na nunyetsolawo kple ame siwo gblɔa nya vɔ̃ ɖe ŋutinye.


Anyigbadzifiawo ɖo afɔ anyi sesĩe, eye dumegãwo ƒo ta kpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina la ŋu.


Mese ame geɖewo ƒe ameŋugblẽnyawo; ŋɔdzi ɖe to ɖem, wode adaŋu tso ŋunye, eye woɖo nugbe be yewoaɖe nye agbe ɖa.


Woɖo babla, wole ŋu tsam, hele ŋku lém ɖe nye afɔɖeɖewo ŋu, eye wotsi dzi ɖe nye agbetsɔtsrɔ̃ ŋuti.


Wole nu baɖa ɖom ɖe wò dukɔ ŋu le ayeme, eye woɖo nugbe ɖe ame siwo nèlɔ̃na la ŋu.


Ne wogblɔ na wò be, “Va kplɔ mí ɖo, na míade xa ɖe ame aɖe ƒe ʋu ŋuti, na míanɔ xame na luʋɔ maɖifɔ aɖe,


Mese ame geɖewo le dalĩ dom be, “Ŋɔdzi ƒo xlãe! Mitrɔ eta! Mina míadee asi!” Xɔ̃nyewo katã le klalo na nye anyidzedze le gbɔgblɔm be, “Ɖewohĩ woablee ekema míaɖu edzi eye míabia hlɔ̃e.”


Esi ŋu ke la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegã bubuwo kpe ta be yewoade ŋugble le ale si woawɔ able Romatɔwo ƒe dziɖuɖua nu ne woatso kufia na Yesu la ŋuti.


Saul ɖo asrafowo ɖa be woadzɔ David ƒe aƒe ŋu ne edo go tso eƒe xɔ me ŋdi ko la, woawui. Ke Mixal gblɔ na srɔ̃a David be “Ne mèsi dzo le zã sia me o la, àzu nu kuku etsɔ ŋdi.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa