Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 7:6 - Agbenya La

6 O! Yehowa, tso, le wò dziku me; tso ɖe nye futɔwo ƒe nyanyra ŋuti. Nyɔ, nye Mawu, ne nàɖo ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ anyi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 ekema futɔ neti yonyeme, eye wòatum, nefanyam ɖe anyigba, eye wòate nye bubu ɖe ke me! Sela.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 7:6
21 Mawu Ofanana  

Tete Absalom kple Israelviwo katã gblɔ be, “Husai, Arkitɔ la ƒe aɖaŋu nyo wu Ahitofel tɔ.” Esia va eme elabena Yehowa ɖo be, yeagblẽ Ahitofel ƒe aɖaŋu, si nye nyuitɔ boŋ hafi la me ale be yeahe dzɔgbevɔ̃e va Absalom dzi.


Yehowa lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ, eye wòtsoa afia na ame siwo katã wote ɖe anyi.


Yehowa be, “Esi wotea ame gblɔewo ɖe to, eye hiãtɔwo ŋena ta la, matso azɔ. Maɖe wo tso ame siwo le vlo dom wo la ƒe asi me.”


Togbɔ be mele zɔzɔm le xaxa me hã la, èkpɔ nye agbe ta, eye nèkɔ wò asi dzi do ɖe nye futɔwo ƒe dɔmedzoe ŋu, hetsɔ wò nuɖusi xɔ nam.


Futɔ la ti yonyeme, egbãm ɖe anyigba, eye wòna menɔ viviti me abe ame siwo ku xoxo va yi la ene.


Tso, O, Yehowa! Ɖem, O, nye Mawu! Ƒo tome na nye futɔwo katã; eye nàŋe aɖu na ame vɔ̃ɖiwo.


O! Yehowa, wɔ avu kple ame siwo le avu wɔm kplim; wɔ aʋa kple ame siwo le aʋa wɔm kplim.


Nyɔ, tso nàʋli tanye! Wɔ avu ɖe nunye, nye Mawu kple nye Aƒetɔ.


Nyɔ, O Aƒetɔ! Nu ka ta nèle alɔ̃ dɔm ɖo? Fɔ! Mègagbe mí ɖikaa o.


Tso, nàxɔ na mí, ɖe mí le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.


O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, Israel ƒe Mawu, nyɔ nàhe to na dukɔwo, mègakpɔ nublanui na ametatrɔla vɔ̃ɖi siawo o. Sela


O! Aƒetɔ, abe ale si drɔ̃e nɔna ne ame nyɔ tso alɔ̃ me ene la, do vlo wo abe drɔ̃e manyatalenu ene.


Trɔ ɖe gli siwo gbã ɖikaɖika la ŋu, gbegblẽ siawoe futɔ la he va wò teƒe kɔkɔe lae.


Tete Aƒetɔ la nyɔ tso alɔ̃ me abe ale si aha kɔna le mo na ame si no wain mu la ene.


Yehowa nɔ anyi ɖe enɔƒe le ʋɔnu. Etso be wòadrɔ̃ ʋɔnu ameawo.


Yehowa be, “Matso azɔ, woadom ɖe dzi, eye woakɔ nye alɔ ɖe dzi azɔ.


Ke azɔ, O! Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso eƒe asi me be fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la nanya be wò koe nye Yehowa.”


Nyɔ, nyɔ! O! Yehowa ƒe alɔ, ne nàtsɔ ŋusẽ ado. Nyɔ abe le tsã ƒe ɣeyiɣiwo kple blemaŋɔliwo ene. Ɖe menye wòe fli Rahab kakɛkakɛ, eye nètsɔ nu ƒo ɖe lã dziŋɔ la oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa