Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 7:5 - Agbenya La

5 ekema na nye futɔ nati yonyeme, eye eƒe asi nasu dzinye; na be wòafanyam ɖe anyigba, eye wòana matsi ke me adɔ. Sela

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 eye mewɔ vɔ̃ ɖe xɔ̃nye ŋu la, — eva wonye meɖe amesi lé fum yakatsyɔ la hafi —

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 7:5
17 Mawu Ofanana  

“Metɔ akpanya hetsyɔ na nye ŋutilã eye metsɔ nye mo de ke me.


Ame geɖewo le gbɔgblɔm tso ŋutinye be, “Mawu maɖee akpɔ o.” Sela


To dziwò míetutu míaƒe futɔwo do ɖe megbe, eye to wò ŋkɔ me míenya avuzi le míaƒe futɔwo dzi.


Togbɔ be kesinɔnu geɖewo le amegbetɔ si hã la, manɔ agbe tegbee o, ɖeko wòle abe gbemelã siwo tsrɔ̃na ene.


To Mawu dzi, míaɖu dzi, eye míafanya míaƒe futɔwo ɖe anyigba.


Medɔe ɖe dukɔ mavɔ̃mawu ŋu, meɖe gbe nɛ ɖe dukɔ si doa dɔmedzoe nam la ŋu, ne wòaɖe aboyo eƒe amewo, aha wo, eye wòafanya wo, anya wo abe anyi ene le woƒe ablɔwo dzi.


“Nye ɖekae fia wain le wainfiaƒe, ame aɖeke metso dukɔwo dome va kpe ɖe ŋunye o. Mefanya wo le nye dziku me, eye menya avuzi le wo dzi le nye dɔmedzoe helĩhelĩ la me. Woƒe ʋue hlẽ ɖe nye awuwo me, eye woƒe ʋu ƒo nu siwo medo,


O Yehowa, Israel ƒe mɔkpɔkpɔ, ame siwo katã gbe wò la, ŋu akpe wo. Ame siwo trɔ le yowòme la, woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe kewɔ me elabena wogbe nu le Yehowa, agbetsivudo la gbɔ.


Ke èdo be yeaɖe wò amewo eye yeaxɔ na wò amesiamina. Ègbã ta na ame vɔ̃ɖiwo ƒe anyigba ƒe kplɔla eye nèɖe amea tso tagbɔ va se ɖe afɔ gbɔ. Sela.


Wo katã woabɔ asaɖa abe ŋutsu kalẽtɔ siwo le zɔzɔm le bamɔtatawo dzi le aʋagbedzi ene, elabena Yehowa li kpli wo, woawɔ aʋa, aɖu sɔdolawo dzi.


Ekema gbe si gbe mawɔ esia la, mianye avuzi le ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye woanɔ abe dzofi ene le miaƒe afɔ te.


Kpɔe ɖa, fofonye, kpɔ wò awu ʋlaya ƒe kakɛ si le nye asi me la ɖa! Melã wò awu ʋlaya to gake nyemewu wò o. Azɔ se egɔme eye nànyae be nu tovo wɔwɔ alo aglãdzedze ƒe fɔɖiɖi mele dzinye o. Nyemedze agɔ le dziwò o, ke wò ya èti yonyeme kutɔkutɔe be yeaɖe nye agbe ɖa.


Ègblɔ nyui si nèwɔ nam la fifi laa. Yehowa tsɔm de asiwò me, gake mèwum o.


Azɔ la medze sii be èle fia ɖu ge kokoko eye Israel fiaɖuƒe la ali ke ɖe asiwò me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa