Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 7:4 - Agbenya La

4 ne mewɔ nu vɔɖi ɖe ame si li kplim le ŋutifafa me ŋuti alo meda adzo nye futɔ naneke mawɔmawɔtɔe la,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Yehowa, nye Mawu, ne mewɔ nusia, nu tovo le ɖe asi ŋu nam,

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 7:4
20 Mawu Ofanana  

Ke esi wodo go le dua me teti ko la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla la be, “Dze wo yome kaba; na woatɔ, eye nàbia wo be nu ka ta wowɔ nu sia tɔgbi esime menyo dɔ me na wo nenema mahã?


Ne èkpɔ eƒe kplu le mía dometɔ aɖe ƒe kotoku me la, ekema na ame ma naku, eye nàna mí ame mamlɛawo katã miazu kluviwo na wò aƒetɔ tegbetegbe.”


Yehowa xe fe na wò ɖe ʋu siwo katã nèkɔ ɖe anyi le Saul, ame si teƒe nèle fia ɖum le la ƒe aƒe me eya ta Yehowa xɔ fiaɖuƒe la na viwò Absalom. Ège ɖe dzɔgbevɔ̃e me elabena ènye hlɔ̃dola!”


ekema na be nye abɔ nage le abɔgba ŋu eye wòaŋe le ekpeƒe.


Nenye be nye afɔ tra le mɔ la dzi, nenye be nye dzi kplɔ nu si nye ŋkuwo kpɔ la ɖo alo nye asiwo ƒo ɖi la,


Wotsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe nam, eye wotsɔ fuléle ɖo nye lɔlɔ̃ teƒe.


Nye zɔhɛ wɔ avu kple exɔlɔ̃wo hegblẽ kɔ ɖo na eƒe nubabla.


Sonu li na klosalo eye dzokpo li na sika, ke Yehowae doa dziwo katã kpɔ.


Ke Paulo do ɣli gblɔ nɛ be, “Nɔvi, mègawɔ nu vevi ɖokuiwò o; mí katã míele afi sia.”


Azɔ la, David si tso Nayɔt le Rama eye wòyi Yonatan gbɔ hebiae be, “Nu ka mewɔ? Agɔ ka medze? Nu ka ta fofowò ɖo ta me kplikpaa nenema be yeawum ɖo?”


Ahimelek ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ɖe ame ɖeka aɖe le wò subɔlawo katã dome si nye nuteƒewɔla na wò abe wò toyɔvi, David enea? Eyae nye ŋuwòmewo ƒe amegã eye wòganye wò aƒemetɔ si amewo buna la.


David ka mo na eƒe amewo kple nya siawo eye meɖe mɔ na wo wowu Saul o. Ale Saul do go le agado la me eye wòdzo.


Enumake Saul ʋu eme be, “Mewɔ nu vɔ̃. Trɔ va aƒe, vinye eye nyemagadze agbagba be mawɔ vɔ̃ aɖeke wò o, elabena èɖe nye agbe egbe; abunɛtɔe menye eye tɔnye medzɔ le go aɖeke me kura o.”


Azɔ la, Yehowa naɖe nye agbe abe ale si meɖe tɔwò egbe ene; eye wòaɖem tso nye xaxawo katã me.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa