Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 7:17 - Agbenya La

17 Mada akpe na Yehowa le eƒe dzɔdzɔenyenye ta, eye madzi kafukafuha na Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋkɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eƒe dzɔgbevɔ̃e trɔ va eƒe ta dzi, eye eƒe ŋutasesẽ gbugbɔ va dze eƒe dzodome.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 7:17
19 Mawu Ofanana  

Eƒe ʋu nava Yoab kple fofoa ƒe aƒe la katã ƒe ta dzi. Na be ame si ŋu abi makumaku alo kpodɔ le alo nuwɔamitɔ alo ame si tsi yinu loo alo dɔwuitɔ magbe Yoab ƒe aƒemenɔnɔ gbeɖe o.”


Ekema Yehowa ana ame eve siwo nyo wui hafi wòwu wo la ƒe nu vɔ̃ nanɔ eya ŋutɔ dzi elabena fofonye ƒe asi menɔ Aʋafia Abner, Israelʋakɔ la ƒe kplɔla gã la kple Aʋafia Amasa, Yudaʋakɔwo ƒe kplɔla gã la ƒe ku me o.


gake esi nugbeɖoɖo la dze go to Ester dzi na fia la, ena woŋlɔ agbalẽ, ɖe gbe be nu vɔ̃ɖi si Haman ɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la, neva eya ŋutɔ ƒe ta dzi, eye be eya kple viawo la, woade ka ve na wo,


Ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ nye eƒe nuwɔwɔwo, eye eƒe dzɔdzɔenye li tegbee.


Na dzoka xɔxɔwo nadza ɖe wo dzi; wonetsɔ wo ƒu gbe ɖe dzo me kple ʋe globowo me, eye womegafɔ akpɔ gbeɖe o.


Woaɖu wò nyuiwɔwɔ gbogboawo ƒe azã, eye woadzi ha atso aseye le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti.


Nye aɖe aƒo nu le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti, eye wòadzi wò kafukafuha ɖaa.


O! Mawu, ɖem tso ʋukɔkɔɖi ƒe nu vɔ̃ me, wò Mawu si ɖem, eye nye aɖe adzi ha le wò dzɔdzɔenyenye ŋu.


Dzi adzɔm, eye matso aseye le mewò; O Dziƒoʋĩtɔ, madzi kafukafuhawo na wò ŋkɔ.


Enyo be woakafu Yehowa, eye woadzi ha na wò ŋkɔ, o Dziƒoʋĩtɔ,


Ke wò, o Yehowa, woado wò ɖe dzi tegbetegbe.


Yehowa na wonya eƒe ɖeɖe, eye wòklo nu le eƒe dzɔdzɔenyenye dzi na dukɔwo.


“ ‘Dɔla kɔkɔewo ɖe gbeƒã nyametsotso sia ale be ame nɔagbewo nanya be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi eye wòtsɔa wo katã naa ame sia ame si wòlɔ̃ eye wòtsɔa ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la ɖoa wo nu.’


Woanya wò ɖa le amewo dome eye nànɔ agbe abe lã wɔadãwo ene; àɖu gbe abe nyi ene eye dziƒozãmu adza ɖe dziwò. Ƒe adre ava yi va se ɖe esime nànyae be, Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi eye wòtsɔa wo naa ame si dzea eŋu.


Le ɣeyiɣi ma ƒe nuwuwu la, nye Nebukadnezar, mewu mo dzi, kpɔ dziƒo eye wogbugbɔ nye susu ɖo te nam. Tete mekafu Dziƒoʋĩtɔ la, mede bubu eŋu eye medoe ɖe dzi, eya ame si li tegbee. Seɖoƒe meli na eƒe dziɖuɖu o; eye eƒe fiaɖuƒe anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.


“Ke hã la, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la menɔa gbedoxɔ si amegbetɔ ŋutɔ tsɔ eƒe asi tui la me o, elabena Mawu ŋutɔ gblɔ to eƒe Nyagblɔɖila Yesaya dzi be,


Le nya siwo va dzɔ me la, wohe to na Abimelek kple Sekemtɔ siwo kpe ɖe eŋu le Yerubaal ƒe vi blaadreawo wuwu me.


Mawu na Sekemtɔwo hã kpe fu ɖe woƒe ŋutasesẽ ta, abe ale si Yotam, Yerubaal ƒe vi gblɔe do ŋgɔ, esi wòƒo fi de wo la ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa