Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 7:16 - Agbenya La

16 Dzɔgbevɔ̃e si wòhe vɛ la atrɔ abali ɖe eya ŋutɔ ŋuti, eye eƒe ŋutasesẽ atrɔ ava eya ŋutɔ ƒe ta dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eɖe ʋe, eye wòwlu eme, ke ege dze do, si wòɖe la me.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 7:16
21 Mawu Ofanana  

Ekema Yehowa ana ame eve siwo nyo wui hafi wòwu wo la ƒe nu vɔ̃ nanɔ eya ŋutɔ dzi elabena fofonye ƒe asi menɔ Aʋafia Abner, Israelʋakɔ la ƒe kplɔla gã la kple Aʋafia Amasa, Yudaʋakɔwo ƒe kplɔla gã la ƒe ku me o.


Gblɔ nye nya siawo nɛ be, ‘Nabɔt wuwu mesɔ gbɔ na wò oa? Ɖe wòle be nàda adzoe hã? Esi nèwɔ esia ta la, avuwo ano wò ʋu le dua godo abe ale si wono Nabɔt tɔ ene!’ ”


Ale wode ka ve nɛ ɖe kadeveti si wòtu na Mordekai la ŋu, eye fia la ƒe dziku nu fa.


gake esi nugbeɖoɖo la dze go to Ester dzi na fia la, ena woŋlɔ agbalẽ, ɖe gbe be nu vɔ̃ɖi si Haman ɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la, neva eya ŋutɔ ƒe ta dzi, eye be eya kple viawo la, woade ka ve na wo,


Abe ale si mede dzesii ene la, ame siwo ŋlɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ƒe agble eye woƒã dzɔgbevɔ̃e lae ŋenɛ.


Na ame vɔ̃ɖiwo naɖo woawo ŋutɔ ƒe ɖɔwo me, ne matso eme ayi le dedinɔnɔ me.


gbegblẽ neƒo ɖe wo dzi kpoyi, ɖɔ si woɖo nam la neɖe woawo ŋutɔ, eye woage dze ʋe si woɖe ɖi nam la me aƒaƒã ɖe afi ma.


Kpɔ ale si nu vɔ̃ɖi wɔlawo dze anyi ɖe anyigbae ɖa; wotutu wo ƒu anyi, eye womete ŋu fɔ o!


Eɖoa nu vɔ̃ɖi le eƒe aba dzi, etsɔa eɖokui dea asi na nu si nye vɔ̃, eye megbea nu si nye nu gbegblẽ o.


Nye dzi li ke sesĩe, O Mawu, nye dzi li ke sesĩe, eya ta madzi ha aƒo saŋku.


Yehowa ɖe eɖokui fia to eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me; ame vɔ̃ɖiwo ƒe asinudɔwɔwɔwo atsɔ wo ade mɔ me. Ŋugbledede. Sela


Aleae ame siwo tia viɖe ƒoɖi yome la ƒe nuwuwu anɔ, elabena eɖea ame siwo ƒe asi su edzi la ƒe agbe ɖa.


Ne ame aɖe ɖe ʋe la, eya ŋutɔ age adze eme eye ame si amli kpe la, kpe si wòmli la age adze eya ŋutɔ dzi.


Ame si ɖea vudo la, eyae gena ɖe eme. Ame si gbãa gli toa eme la, eyae da ɖuna.


Ke David se nu tso Saul ƒe ɖoɖowo ŋu eye wògblɔ na nunɔla Abiata be wòatsɔ eƒe kɔmewu la vɛ eye wòabia nu si yewoawɔ la tso Yehowa gbɔ.


Gbe ɖeka la, Yehowa ŋutɔ ana wòaku kokoko, aku le aʋa me loo alo tsitsi ana wòaku.


Yehowa atsɔ wò kple Israel blibo la ade asi na Filistitɔwo eye etsɔ la wò kple viwò ŋutsuwo miava nɔ gbɔnye le afii. Yehowa atsɔ Israel ƒe aʋakɔ la hã ade asi na Filistitɔwo.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa