11 Mawue nye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe, Mawu si ɖea eƒe dɔmedzoe fiana gbe sia gbe.
11 Nye akpoxɔnu le Mawu si, eya xɔna na amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la.
Dziƒo ɖe gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye, elabena Mawu ŋutɔe nye ʋɔnudrɔ̃la. Sela
na be Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ la. O! Yehowa, tso afia nam le nye dzɔdzɔenyenye ta, O! Dziƒoʋĩtɔ, tso afia nam le nye nuteƒewɔwɔ ta.
Woagaɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ anyi ɖe dzɔdzɔenyenye dzi, eye ame siwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka la adze eyome.
Yehowa nye Mawu ʋãŋu kple hlɔ̃biala. Ebiaa hlɔ̃, eye wòyɔ fũu kple dɔmedzoe. Yehowa biaa hlɔ̃ eƒe ketɔwo, eye wòléa dziku ɖi na eƒe futɔwo.
Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dziku nu? Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu? Ekɔ eƒe dɔmedzoe ɖe anyi abe dzo ene, eye agakpewo kaka le eŋkume.