Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 69:8 - Agbenya La

8 Menye amedzro na nye ŋutɔ nɔvinye ŋutsuwo kple ame manyamanya na danyevi ŋutsuwo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Elabena tawò mele vlododo tsom, eye ŋukpe tsyo nye mo ɖo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 69:8
18 Mawu Ofanana  

Le nye futɔwo ƒe nuwɔnawo ta mezu alɔmeɖenu na nye aƒelikawo vevie ŋutɔ. Mezu ŋɔdzinu na xɔ̃nyewo, eye ame siwo do gom le mɔtata dzi la sina le nunye.


Le nye abiawo ta, xɔ̃nyewo kple nye zɔhɛwo ƒo asa nam, eye nye aƒelikawo hã le adzɔge nam.


O! Yehowa, ɖo ŋku vlodoame si wò futɔwo tsɔ le alɔme ɖem le wò amesiamina ƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋuti la dzi.


Woakafu Yehowa tegbetegbee! Amen, ɛ̃, Amen.


Metrɔ nye dzime na ame siwo ƒom, metrɔ nye tome na ame siwo nyɔa ge nam la. Nyemeɣla nye mo ɖe fewuɖulawo kple ame siwo nyɔa ta ɖe mo nam o.


Amewo do vloe, eye wogbee. Ŋutsu si dzi vevesese kple fukpekpe le la wònye. Ele abe ame si ta amewo tsɔ nu tsyɔ ŋkume ɖo la ene. Wodo vloe, eye míebui ɖe naneke me o.


Ke le nyateƒe me la, eyae tsɔ míaƒe dɔlélewo, eye wòde ta míaƒe vevesesewo te, gake míebui abe ame si Mawu ƒo, eye wòtsɔ fukpekpewo da ɖe edzi la ene.


O Yehowa, èse egɔme eya ta ɖo ŋku dzinye eye nàkpɔ tanye. Bia hlɔ̃ yonyemetilawo; le wò dzigbɔgbɔ blewuu me la, mègakplɔm dzoe o. Bu ale si mexɔ vlododo le tawòe la ŋuti.


Nyateƒe, nu siawo katã le dzɔdzɔm tututu abe ale si nyagblɔɖilawo ŋlɔe da ɖi le mawunya la me ene.” Ke eƒe nusrɔ̃lawo katã si dzo.


Eva eya ŋutɔ tɔwo gbɔ, gake eya ŋutɔ ƒe amewo mexɔe o.


Nɔviawo gblɔ esia, elabena womexɔ edzi se o.


Esi Eliab, David nɔviŋutsu tsitsitɔ see wònɔ nu ƒom kple ŋutsuawo la, etrɔ ɖe eŋu kple dziku hebiae be, “Nu ka tae nèva afi sia ɖo? Eye ame ka gbɔe nègblẽ alẽ ʋɛawo ɖo le gbea dzi? Menya dada si le mewò kple dzi vɔ̃ɖi si le mewò. Ɖe ko nèva afi sia be yeava kpɔ aʋa la teƒe.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa