Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 69:4 - Agbenya La

4 Ame siwo lé fum ɖe nanekemawɔmawɔ ta la sɔ gbɔ wu nye taɖa. Amewo lé fum yakatsyɔ, eye woti yonyeme be woatsrɔ̃m. Ale meɖo nu si nyemefi o la eteƒe dzizizitɔe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Meɖo ɣli nu ti kɔ nam, eye nye gbe me xe, mele mɔ kpɔm na nye Mawu ʋuu wòti nye ŋkuwo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 69:4
14 Mawu Ofanana  

Mègana ame siwo nye nye futɔwo la nakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe ŋunye yakatɔe o, eye mègana ame siwo lé fum susumanɔmetɔe la nate ŋku ɖem kple vevesese o.


elabena fukpekpe siwo mele xexlẽ o la ɖe to ɖem, nye nu vɔ̃wo wu tsɔtsɔ nam eye nyemegate ŋu le nu kpɔm o. Wosɔ gbɔ wu nye taɖa, eye dzi ɖe le ƒonye.


Kpɔ ale si wode xa ɖi nam lae ɖa! Ame nyanyrawo ɖo nugbe ɖe ŋunye, evɔ la, O Yehowa, nyemedze agɔ, alo wɔ nu vɔ̃ aɖeke o.


Nuxaxa na ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu; womegale nu kpɔm tututu o, le nye futɔwo ta.


Esia wu nya si wogblɔ le se la me be, ‘Wolé fum dzodzro’ la nu.


Elabena Kristo mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba dro ɖe eya amea dzi. Eye wòtsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye ɖo eteƒe na mí katã.


“Elabena mewɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womekpɔ alakpa aɖeke le eƒe nu me o.”


Ke eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖe eƒe ŋutilã me le ati ŋuti, ale be míaku na nu vɔ̃, eye míanɔ agbe na dzɔdzɔenyenye, eye to eƒe abi si wòxɔ me la, míekpɔ dɔyɔyɔ.


elabena Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã. Mewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ o, gake eku ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ta be wòakplɔ mi va Mawu gbɔe dedie. Wowui le ŋutilã me, ke wogbɔ agbee le Gbɔgbɔ me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa