Mido dzidzɔɣli, o mi dziƒowo! O! Anyigba netso aseye. Mido ha ɖa kple dzidzɔ. O, mi towo! Elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòakpɔ nublanui na ame siwo ŋu wode abie.
Míado go kple dzidzɔkpɔkpɔ, eye woakplɔ mí le ŋutifafa me. Towo kple togbɛwo agli kple dzidzɔkpɔkpɔ le mia ŋgɔ eye ati kple gbe siwo le gbedzi la aƒo asikpe.