Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 69:3 - Agbenya La

3 Medo ɣli be woaxɔ nam, ale nu ti kɔ nam, eye nye ve me hã ƒu kplakplakpla. Mekpɔ mɔ na Mawu ʋuu, eye ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 De ƒe agbi mim, afɔɖoƒe meli o, mege ɖe tɔ ƒe gogloƒe, eye tsi ɖɔ va to dzinye.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 69:3
18 Mawu Ofanana  

Ke ɖeɖi ate ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋkuwo ŋu, bebeƒe abu ɖe wo eye woƒe mɔkpɔkpɔ azu kudɔƒoƒo.”


Avifafa na nye mo biã dzẽe, vɔvɔli ƒo xlã nye ŋkuwo,


Nu te nye ŋkuwo ŋu le wò ɖeɖedidi ta.


Nu te nye ŋkuwo ŋu, le mɔkpɔkpɔ na wò ŋugbedodo la ta. Megblɔ be, “Ɣe ka ɣi nàfa akɔ nam?”


Ŋusẽ vɔ le ŋunye abe ze gbagbã ene, eye nye aɖe lé ɖe nye nu me, elabena ètsɔm mlɔ ku ƒe ʋuʋudedi me.


O! Nye Mawu, medo ɣli na wò le ŋkeke kple zã me; megale edzi ko, gake mètɔ nam o.


Nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye nedzɔ ŋunye, elabena nye mɔkpɔkpɔ le mewò.


“Aƒetɔ, ke azɔ la, nu ka makpɔ mɔ na? Nye mɔkpɔkpɔ le mewò.


Etsɔ ha yeye de nunye si nye kafukafuha na míaƒe Mawu la. Ame geɖewo akpɔe, woavɔ̃e, eye woaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu.


Mevɔ le eme keŋkeŋ le ŋeŋe ta; metsɔ aɖatsi ƒo nye aba, elabena mefa avi zã blibo la, eye nye aɖatsi wɔe be nye dɔƒe ƒo tsi belebele.


Wotsɔ veve de nye nuɖuɖu me, eye esi tsikɔ wum la, wotsɔ aha tsitsi nam be mano.


Wò dziku helĩhelĩ le dzinye vevie, eye nètsɔ wò ƒutsotsoewo tsyɔ dzinye. Sela


Medo ɣli abe sagbadre alo tsalĩ ene, eye mele xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛ si tsi akogo ene. Nye ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃ɔ esi mewu mo dzi le dziƒo kpɔm. O! Aƒetɔ, mele nu xam, va nàkpe ɖe ŋutinye.”


Avifafa na nu te nye ŋkuwo ŋu, nye lãme katã ʋu dzo ɖe menye, nye dzi lolõ hekɔ ɖe anyigba, elabena wotsrɔ̃ nye amewo, eye nu ti kɔ na ɖeviwo kple vidzĩwo siaa le dua ƒe kpɔdomewo.


Esi Yesu nya be nu sia nu wu nu azɔ, eye be woawu nya siwo woŋlɔ ɖe mawunya me nu la, egblɔ be, “Tsikɔ le wuyem!”


Ànɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo kpɔm hafi woakplɔ wo adzoe abe kluviwo ene. Wò ŋkuwo atsi wo ŋu, wò dzi agbã, gake màte ŋu awɔ naneke o.


Esi Yesu nɔ agbe le anyigba dzi la, ewɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo kple ɣli kple aɖatsi na eya ame si si ŋusẽ le be wòaɖee tso ku me, eye wòɖo toe le eƒe bubu kple ɖokuibɔbɔ ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa