Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 69:21 - Agbenya La

21 Wotsɔ veve de nye nuɖuɖu me, eye esi tsikɔ wum la, wotsɔ aha tsitsi nam be mano.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Vlododo gba nye dzi, eye wode dɔlã me nam; mekpɔ mɔ na babadoname, ke dzodzroa, eye na akɔfalawo, gake nyemekpɔ ɖeke o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 69:21
13 Mawu Ofanana  

Emegbe la, melé ŋku ɖe ameteteɖeanyi siwo katã le xexea me la ŋu. Mekpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo; kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na wo o, le esime kpeɖeŋutɔ siwo nye ŋusẽtɔwo la le ameteɖeanyilawo ƒe akpa dzi.


Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ ɖe nyagblɔɖilawo ŋutie nye esi: “Kpɔ ɖa, mana nuɖuɖu veve wo eye makpe tsi si me wode aɖii la na wo elabena Yerusalem ƒe nyagblɔɖilawo gbɔe wòtso be, mawumavɔmavɔ̃ kaka ɖe anyigba blibo la dzi.”


“Nu ka ta mienɔ anyi ɖe afi sia ɖo? Miƒo ƒu! Mina míasi ayi ɖe du sesẽwo me ne míatsrɔ̃ ɖe afi ma! Elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ɖoe ɖi be miatsrɔ̃ eye wotsɔ aɖitsi na mí be miano elabena míewɔ nu vɔ̃.


Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, mana dukɔ sia naɖu nu veve, eye woano aɖitsi.


“Ele avi fam hehehe le zã me eye aɖatsi tsi alɔgo dzi nɛ. Eƒe ahiãvi gbogboawo dometɔ aɖeke meli afa akɔ nɛ o. Xɔlɔ̃ lɔlɔ̃wo katã trɔ le eyome hezu eƒe futɔwo.


“Eƒe ɖiƒoƒo lé ɖe eƒe avɔto, elabena mebu etsɔ me kpɔ o. Eƒe anyidzedze wɔ nuku eye ame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o. “O, Yehowa, nye kɔ, kpɔ nye vevesese ɖa elabena ketɔ la ɖu dzi.”


Asrafoawo tsɔ wain si me wode gbe siwo vena la nɛ be wòano, gake esi wòɖɔe kpɔ la, egbe enono.


Ameawo dometɔ ɖeka ƒu du ɖatsɔ aha tsitsi, eye wòkɔe ɖe akutsa tɔxɛ aɖe me. Etɔ akutsa la ɖe ati nu, eye wòtsɔe ɖo nu na Yesu.


Le afi sia la, wotsɔ gbe siwo vena la tsaka wain tsitsi aɖe hekpe nɛ, gake menoe o.


Le esia ta wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖaku wain tsitsi eye wòkɔe ɖe ƒumekutsa me, tɔe ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu na Yesu be wòano hegblɔ kpe ɖe eŋu be, “Miɖe asi le eŋu azɔ ne míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋuti hã.”


Asrafo siwo nɔ eŋu dzɔm hã ɖu fewu le eŋu. Wotsɔ aha tsitsi nɛ be wòano,


Gbe si gbe mia dometɔ aɖe, ŋutsu alo nyɔnu, ƒome aɖe alo Israel ƒe to aɖe atrɔ tso Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ be yeasubɔ dukɔ bubuawo ƒe mawu siawo la, gbe ma gbe la, ame ma anɔ abe ati aɖe si ƒe ke ave ɖihaɖiha, eye wòanɔ abe aɖi ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa