Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 68:4 - Agbenya La

4 Midzi ha na Mawu, midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ, mido ame si le lilikpowo dzi gbɔna la ɖe dzi, eŋkɔe nye Yehowa, eye mitso aseye le eŋgɔ;

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke ame dzɔdzɔewo le dzidzɔ kpɔm, wole aseye tsom le Mawu ŋku me, eye wogli kple dzidzɔ.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 68:4
19 Mawu Ofanana  

eye wòɖo eƒe dziƒoxɔwo ƒe sɔtiwo ƒe agunu anyi ɖe woƒe tsiwo dzi. Etsɔ lilikpowo wɔ eƒe tasiaɖam, eye wònɔ ya ƒe aʋalawo dzi.


Èna menya agbemɔ la; àtsɔ dzidzɔkpɔkpɔ ayɔ menye le ŋkuwò me, eye matsɔ vivisese si mevɔna o la anɔ wò nuɖusime tegbee.


Ede kerubiwo dzi, eye wòdzo dzo. Eɖo asagba ɖe ya ƒe aʋalawo dzi.


O! Yehowa, èyraa ame dzɔdzɔewo vavã, eye nètsɔa wò amenuveve ƒoa xlã wo abe akpoxɔnu ene.


Midzi eƒe ŋkɔ ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ha; mikafu Mawu ƒe gãnyenye!


Anyigba la katã de ta agu na wò, wole kafukafuha dzim na wò, wole kafukafuha dzim na wò ŋkɔ.” Sela


Dukɔwo akpɔ dzidzɔ, adzi ha, atso aseye, elabena èɖu dukɔwo dzi le dzɔdzɔenyenye me, eye nèkplɔ anyigbadzidukɔwo. Sela


Eya ame si nɔ blemalilikpowo dzi, eye wòɖe gbe kple gbe sesẽ aɖe.


Na woanya be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ la ɖe anyigba blibo la dzi.


Kekeli klẽna ɖe ame dzɔdzɔewo dzi, eye dzidzɔkpɔkpɔ yɔa ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka la ƒe dziwo me.


Mawu ɖo eŋu na Mose be, “Menye ame si Menye. Gblɔ na Israelviwo ko be, ‘Menyee dɔm ɖa.’ ”


Meɖe ɖokuinye fia Abraham, Isak kple Yakob abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ene, ke nye ŋkɔ, Yehowa la, nyemeyɔe na wo o.


eye makplɔ mi ayi anyigba si mekɔ asi dzi ka atam be matsɔ na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Matsɔe na mi wòazu mia tɔ. Nyee nye Yehowa.’ ”


Ame dzɔdzɔe ƒe viɖee nye dzidzɔ gake ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ zua dzodzro.


Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Egipte ŋu. Kpɔ ɖa, Yehowa ɖi tso dziƒo gbɔna va Egipte kple du le lilikpowo dzi. Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋkume, eye vɔvɔ̃ na be, Egiptetɔwo ƒe dzi lolo ɖe dɔ me na wo.


Ame si le ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe enye esi: “Midzra Yehowa ƒe mɔ ɖo le gbegbe. Mita mɔ dzɔdzɔe ɖe gbedadaƒo na miaƒe Mawu la.


Mito eme yi, mito agboawo me yi! Midzra mɔ ɖo na dukɔ la. Mido mɔ, mido mɔtatawo. Miɖe kpewo ɖa le mɔa dzi. Mikɔ aflaga dzi na dukɔwo.


Ame aɖeke mede Yehowa, Yesurun ƒe Mawu la nu o. Eɖiɖina tso dziƒo Le fianyenye kple ŋutikɔkɔe me be yeaxɔ na wò.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa