Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 68:2 - Agbenya La

2 Gbɔ wo ɖa abe ale si ya gbɔa dzudzɔ dzonae ene. Abe ale si yɔkumi lolõna le dzo nu ene la, nenema ame vɔ̃ɖiwo atsrɔ̃e le Mawu ŋkume.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Mawu tso, eƒe futɔwo ka hlẽ, eye eƒe ketɔwo si le eŋku me.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 68:2
17 Mawu Ofanana  

Ale Yoab kple eƒe aʋakɔwo lũ ɖe Aramtɔwo dzi be woakpe aʋa kpli wo eye Aramtɔwo si le wo nu.


Ke Aramtɔwo gasi le Israelviwo nu. David wu Aramtɔwo ƒe sɔdola alafa adre (700) kple afɔzɔla akpe blaene (40,000). Ede abi woƒe aʋafia, Sobak hã ŋu wòku le afi ma.


Woƒom ɖe anyi abe tsi ene, eye nye ƒuwo katã gli le woƒe kpeƒewo. Nye dzi lolõ ɖe dɔ me nam gbanaa hesi to menye.


Ke ame vɔ̃ɖi ya atsrɔ̃. Yehowa ƒe futɔwo anɔ abe gbe ƒe seƒoƒo ene, woanya kpɔ nyuie, gake wo nu ava yi, woabu abe dzudzɔ ene.


Wò ko wòle be woavɔ̃. Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe nuwò ne èdo dɔmedzoe?


Wolã wò wainka, wotɔ dzoe, eye wò mokaname na wò amewo tsrɔ̃.


Towo lolo abe yɔkumi ene le Yehowa ŋgɔ, ɛ̃, le anyigba ƒe Aƒetɔ la ŋkume.


Ne èɖe gbe la, amewo sina, ne ètso la, dukɔwo kakana hlẽna.


Abe ale si nake léa dzoe, eye wònaa tsi fiena wlɔwlɔwlɔ ene la, nenema ke nàɖi va, ana wò ketɔwo nanya wò ŋkɔ, eye dukɔwo nadzo nyanyanya le ŋkuwò me,


Vavã ŋutasesẽ le bibim abe dzo ene. Efia ŋuwo kple aŋɔkawo, eye wòtɔ dzo avekɔewo kple avedodowo, ale be dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ.


Nu ka ŋuti woana wò kalẽtɔwo naɖo baba ɖe anyigba? Womate ŋu anɔ te o, elabena Yehowa atutu wo aƒu anyi.


Wo katã woabu vĩi abe afu ene, eye woaƒu enumake abe ahũ ene; woakaka abe ale si ya kakana atsakiti ene, eye woabu abe dzudzɔ ene.


Towo lolõ ɖe eƒe afɔ te, eye balimewo ma le eŋgɔ abe ale si bosomi lolõnae le dzo gbɔ ene; abe ale si tsi sina ne wòle aga ɖim ene.


Ne wokɔ nubablaɖaka la dze mɔ la, Mose doa ɣli be, “O! Yehowa, tsi tsitre, eye nàka wò futɔwo hlẽ. Na woasi le ŋgɔwò.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa