Adɔ tsidzadza ɖa be wòade tsi nuku siwo mieƒã ɖe agble me. Nuɖuɖu si ado tso miaƒe agble me la anyo, eye wòasɔ gbɔ fũu. Le ŋkeke ma dzi la, wò nyihawo aɖu gbe le lãnyiƒe kekewo.
Magblɔ na anyiehe be, ‘Ɖe asi le wo ŋu.’ Na dziehe be, ‘Megasika wo o.’ Mikplɔ vinye ŋutsuwo tso didiƒe kple vinyenyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke vɛ,
Atsi tsitre akplɔ eƒe alẽhawo le Yehowa ƒe ŋusẽ me kple Yehowa, eƒe Mawu la ƒe fianyenye me. Eƒe dukɔ la anɔ anyi le ŋutifafa me elabena woade bubu eƒe gãnyenye ŋuti le xexea me godoo.
Ke mi ame siwo vɔ̃a nye ŋkɔ la, dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe adze na mi eye dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ anɔ eƒe aʋalawo me. Miazɔ le ablɔɖe me, eye miati kpo akpɔ dzidzɔ abe nyitsui siwo do go tso nyikpo me le ƒoɖiɖi me ene.
“Nɔvinyewo, mi Abraham ƒe dzidzimeviwo kple mi ame siwo menye Yudatɔwo o siwo vɔ̃a Mawu sia la, medi be mianya be míawoe woɖo ɖeɖe ƒe gbedeasi sia ɖo.”
Esia nye se si Aƒetɔ la de na mí be, “ ‘Mewɔ wò be nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye nàkplɔ wo tso xexea me ƒe dzogoewo katã dzi ava be woakpɔ ɖeɖe le gbɔnye.’ ”