“Nu tsɛ ko wònye le ŋkuwò me be, nènye nye dɔla, be nàgaɖo Israel ƒe towo te, eye nàkplɔ Israel ƒe ame siwo mesusɔ ɖi la gbɔe. Gawu la, mawɔ wò nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o la, be nàhe nye ɖeɖe vɛ na anyigba ƒe mlɔenuwo ke.”
Mawu aɖe asi le Israel ŋuti na eƒe futɔwo va se ɖe esime nyɔnu si fu le ɖuɖum la nadzi vi; eye Israelvi siwo susɔ ɖe aboyo me la natrɔ gbɔ akpe ɖe wo nɔviwo ŋuti anɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.