1 Mawu, ve mía nu, eye nàyra mí, na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, Sela
1 Ha na kasaŋkuwo ƒe henɔ.
Na wò mo naklẽ na wò dɔla, eye nàfia wò sededewom.
Ɖe wò dukɔ, eye nàyra wò domenyinu; nànye woƒe kplɔla, eye nàkɔ wo ɖe akɔnu tegbetegbe.
Na wò mo naklẽ ɖe wò dɔla dzi, ɖem le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.
Nye Mawu dzɔdzɔetɔ, tɔ nam ne meyɔ wò. Na gbɔdzɔem le nye xaxa me; kpɔ nye nublanui, eye nàse nye gbedodoɖa.
Ame geɖewo le biabiam be, “Ame kae afia nu nyui aɖe mí?” Na wò mo ƒe kekeli naklẽ ɖe mía dzi, O! Yehowa.
O! Yehowa, mègaka mo nam le wò dziku me alo ahe to nam le wò dɔmedzoe helĩhelĩ me o.
Wonya Mawu le Yuda, eye eƒe ŋkɔ lolo le Israel.
O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, gaɖo mí te; na wò mo nàklẽ ɖe mía dzi be míakpɔ xɔxɔ.
O! Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, gaɖo mí te; na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, be míakpɔ xɔxɔ.
Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe hamenɔnɔ nanɔ anyi kple mi katã.
Mawu ame si gblɔ be, “Kekeli neklẽ ɖe viviti me la,” kee nye ame si klẽ ɖe míawo hã ƒe dzi me. To esia wɔwɔ me la, ena be míexɔ kekeli la ƒe sidzedze, si nye eƒe ŋutikɔkɔe si klẽna tso Kristo me.
Míetsɔ kafukafu na Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, ame si tsɔ gbɔgbɔmeyayra ɖe sia ɖe si le dziƒonutowo me la kɔ ɖe mía dzi le Kristo me.
O! Yehowa, tsɔ nu vɔ̃ ke wò dukɔ Israel, si wò ŋutɔ nèɖe, eye mègada ame maɖifɔ sia wuwu ɖe dukɔ la dzi o. Tsɔ ame sia ƒe ʋukɔkɔɖi ƒe nu vɔ̃ ke mí.’