5 Va, nàkpɔ nu si Mawu wɔ, ale si le amegbetɔwo ta wòwɔ ŋɔdzidɔ geɖewo!
5 Miva, ne miakpɔ Mawu ƒe dɔwɔwɔ; eya, amesi wɔ nu dziŋɔwo ɖe amegbetɔviwo ŋu!
kple dzesiwo le Hamnyigba dzi kple ŋɔdzinuwo le Ƒu Dzĩ la to.
Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo lolo kpem; ame siwo wodoa dzidzɔ na la bua wo ŋuti.
Miva kpɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo ɖa, miva kpɔ gbegblẽ si wòhe va anyigba dzi la ɖa.
Ena aʋawɔwɔ nu tso va se ɖe keke anyigba ƒe mlɔenu ke; eŋe da, eye wòfli akplɔ, hetɔ dzo akpoxɔnuwo.
Ebɔbɔ dukɔwo ɖe mía te, eye wòtsɔ anyigbadzitɔwo de míaƒe afɔ te.
Miva se, mí ame siwo katã vɔ̃a Mawu; mina magblɔ nu siwo wòwɔ nam la na mi.
Migblɔ na Mawu be, “Wò dɔwɔwɔwo dziŋɔ loo! Wò ŋusẽ tri akɔ ale gbegbe be, wò futɔwo de ta agu na wò.
Wonekafu wò ŋkɔ gã, dziŋɔ la, eya amea le kɔkɔe.
Tasiaɖam ƒe afɔawo dzi ŋɔ, eye ŋkuwo le afɔ eneawo katã ŋu kpe ɖo.
dzoka maɖi Yakob ŋu o. Ne wosa vɔ kɔ ɖe Israelviwo dzi hã la, maɖi wo ŋu akpɔ o, elabena woagblɔ le Israel ŋu azɔ be, ‘Mawu wɔ nu gãwo na wo!