Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 66:3 - Agbenya La

3 Migblɔ na Mawu be, “Wò dɔwɔwɔwo dziŋɔ loo! Wò ŋusẽ tri akɔ ale gbegbe be, wò futɔwo de ta agu na wò.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Migblɔ na Mawu be: Ŋɔdzi le wò dɔwɔwɔ ŋu loo! Le wò ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ ta wò futɔwo avivi nu me na wò.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 66:3
19 Mawu Ofanana  

“Dziɖuɖu kple ŋɔdzi nye Mawu tɔ, eyae ɖo ɖoɖo anyi ɖe dziƒo ƒe kɔkɔƒewo.


Ne wose ŋkɔnye ko la, woɖoa tom, eye du bubu me tɔwo gɔ̃ hã dzona nyanyanya le nye ŋkume.


Dzi ɖena le wo katã ƒo, eye wotsɔa dzodzo nyanyanya hedoa goe le woƒe mɔ sesẽwo me.


Ŋɔdzi le Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ŋu ale gbegbe, eyae nye Fiagã ɖe anyigba la katã dzi!


Èna ŋuɖoɖo mí to dzɔdzɔenyenye ƒe ŋɔdzidɔwo me, O, Mawu míaƒe xɔnametɔ, anyigba ƒe mlɔenu ke, kple atsiaƒu siwo le didiƒe ke la katã ƒe mɔkpɔkpɔ.


Blu ɖe lã wɔadã siwo le aƒlawo me kple nyitsuwo ƒe ha siwo le dukɔwo ƒe nyiviwo dome la ta. Netsɔ klosalokɔ gãwo vɛ le ɖokuibɔbɔ me. Kaka dukɔ siwo aʋawɔwɔ doa dzidzɔ na.


Etsi dziɖulawo ƒe gbɔgbɔ nu; anyigbadzifiawo katã vɔ̃nɛ.


Ame siwo lé fu Yehowa la ada alakpa le eŋkume, eye woƒe tohehe anɔ anyi tegbee.


Eye Miriam dzi ha sia: “Midzi ha na Yehowa, elabena eɖu dzi ŋusẽtɔe. Ede sɔ kple sɔdola atsiaƒu la me.”


Ne Yehowa tso be yeaʋuʋu anyigba la, amewo asi age ɖe agadowo me le kpewo tome kple dowo me le anyigba ƒe tume, le eƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ ta.


eya ta dukɔ siwo wɔa kalẽ la ade bubu ŋuwò, eye dukɔ nyanyrawo avɔ̃ wò,


Miwu mo dzi ne miakpɔ dziƒo. Ame ka wɔ nu siawo katã? Ame si ɖe dziƒoŋunuwo ɖe go ɖekaɖeka, eye wòna ŋkɔ ɖe sia ɖe lae. Le eƒe ŋusẽ triakɔ kple eƒe alɔ sesẽ la ta, mena ɖeke bu le wo dome o.


elabena esime nèwɔ nu dziŋɔ siwo míekpɔ mɔ na o la, èɖiɖi va anyi, eye towo dzo kpekpekpe le ŋkuwò me.


Ke Yehowa koe nye nyateƒe ƒe Mawu, eyae nye Mawu gbagbe kple Fia mavɔ. Ne ebi dzi la, anyigba ʋuʋuna eye dukɔwo mate ŋu anɔ te ɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa