17 Metsɔ nye nu do ɣli nɛ, eƒe kafukafu le nye aɖe dzi.
17 Eya metsɔ nye nu do ɣli na, eye kafukafu le nye aɖe te na.
Aleke mawɔ aɖo dɔmenyo siwo katã Yehowa wɔ nam la teƒe nɛ?
Mado wò ɖe dzi, nye Mawu, fia la. Makafu wò ŋkɔ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
O! Yehowa, mado wò ɖe dzi, elabena wòe hem do goe tso ʋe globo me, eye mèna mezu nu ɖikokoe na nye futɔwo o.
Yehowa, wòe meyɔ, Yehowae medo ɣli na be wòakpɔ nublanui nam.
“Viɖe kae le eme ne donyeme gblẽ alo ne meyi ɖe aʋlime? Ɖe ʋuʋudedi akafu wòa? Ɖe wòaɖe gbeƒã wò nuteƒewɔwɔa?
Hiãtɔ sia yɔe, eye Yehowa ɖo toe, heɖee le eƒe xaxawo katã me.