Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 66:13 - Agbenya La

13 Mava wò gbedoxɔ me kple numevɔsa, eye maxe nye adzɔgbeɖefewo na wò,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Matsɔ numevɔsa ava aƒewò mee, ne maxe nye adzɔgbeɖefe,

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 66:13
19 Mawu Ofanana  

Àdo gbe ɖa nɛ, wòaɖo to wò eye àxe wò adzɔgbeɖefewo nɛ.


Mige ɖe eƒe agbowo me kple akpedada, eƒe xɔxɔnuwo kple kafukafu; mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe eŋkɔ.


Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa le eƒe dukɔ blibo la ŋkume.


Miʋu dzɔdzɔenyenye ƒe agbowo nam, mage ɖe eme, eye mada akpe na Yehowa.


Yehowae nye Mawu, eye wòna eƒe kekeli klẽ ɖe mía dzi. Mitsɔ miaƒe atilɔwo ɖe asi ne miage ɖe ŋkekenyuiɖulawo ƒe hame ayi ɖe keke vɔsamlekpui la ƒe dzowo gbɔ.


Gbɔwòe nye kafukafuha si medzina le ameha gãwo dome la ƒe tanya tsona. Maxe nye adzɔgbeɖefewo le ame siwo vɔ̃a wò la ŋkume.


O! Mawu, meɖe adzɔgbe na wò, eya ta maxe adzɔgbeɖefe na wò.


O! Wò ame si sea gbedodoɖa, gbɔwòe amewo katã ava.


Eya ta ne èɖe adzɔgbe na Mawu be yeawɔ nane la, mègahe nua wɔwɔ ɖe megbe o, elabena Mawu mekpɔa dzidzɔ le bometsilawo ŋu o. Wɔ wò adzɔgbeɖeɖe dzi nɛ.


Ke nye la, matsɔ akpedaha asa vɔe na wò, eye maxe nye adzɔgbeɖefe na wò, elabena Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona.”


Kpɔ ɖa, dɔlawo tso towo dzi gbɔna kple nya nyui, eye wole gbeƒã ɖem ŋutifafa! O Yuda, ɖu wò ŋkekenyuiwo, eye nàxe wò adzɔgbeɖefewo. Ame vɔ̃ɖiwo magava aha wò azɔ o, elabena woatsrɔ̃ wo keŋkeŋ.


Ke ne mèɖe adzɔgbe kura o la, mèwɔ nu vɔ̃ o.


Ne ènya ɖe adzɔgbe ko la, ele be nàkpɔ egbɔ be yewɔ nu si ŋugbe nèdo be yeawɔ la kokoko, elabena wò ŋutɔe tia nu si nàwɔ, eye Yehowa, wò Mawu lae nèɖe adzɔgbe na.


“Ne èyi ame bubu aɖe ƒe waingble me la, àte ŋu aɖu eƒe waintsetse aɖi ƒo, gake mèkpɔ mɔ atsɔ ɖeke ade naneke me adzoe o.


Eya ta mina míatsɔ kafukafuvɔsa na Mawu ɣe sia ɣi to Yesu dzi, kafukafu siwo nye kutsetse tso nuyi siwo ʋua Yesu ƒe ŋkɔ me la me.


Esi wòkpɔe la, edze eƒe awuwo henɔ ɣli dom be, “O, vinyenyɔnu! Ètsɔm do nublanuitɔ kple ame ɖigbɔ̃e elabena meɖe adzɔgbe na Yehowa esi dzi nyemate ŋu ada le o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa