Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 66:10 - Agbenya La

10 Elabena O Mawu, wòe do mí kpɔ, wòe lolõ mí abe klosalo ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Oo, Mawu, elabena èdo mí kpɔ, eye nèlòlo mí, abe alesi wolóloa klosalo ene.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 66:10
11 Mawu Ofanana  

Gake enya mɔ si dzi mele, ne edom kpɔ la, mato eme abe sika ene.


Togbɔ be èdzro nye dzi me eye nèlé ŋku ɖe ŋunye tsitotsito le zã me; ne èdom kpɔ hã la, màkpɔ naneke le menye o. Meɖoe kplikpaa be nye nu mawɔ nu vɔ̃ o.


Sonu li na klosalo eye dzokpo li na sika, ke Yehowae doa dziwo katã kpɔ.


Ɖe ɖi ɖa le klosalo ŋu, ekema klosalonutula kpɔ dɔwɔnu.


Kpɔ ɖa, melolõ mi, gake menye abe klosalo ene o. Medo mi kpɔ le fuwɔame ƒe kpodzo me.


Etɔ̃liawo ƒe ɖeka sia matsɔ ade dzo me, maklɔ wo ŋuti abe ale si woklɔa klosaloe ene, eye mado wo kpɔ abe ale si wodoa sika kpɔ ene. Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo. Magblɔ be, ‘Wonye nye amewo’ Woawo hã agblɔ be, ‘Yehowae nye míaƒe Mawu.’ ”


Anɔ anyi abe sika kple klosalo klɔla ene eye wòaklɔ Levi ƒe dzidzimeviwo ŋuti woadza abe sika alo klosalo ene, ale be woate ŋu asa vɔ na Yehowa le dzɔdzɔenyenye me.


migaɖo to eƒe nya o. Yehowa miaƒe Mawu le mia dome be yeanya ne mielɔ̃ ye le nyateƒe me kple miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo loo alo mielɔ̃e o.


Ena mana mi mieɖu le gbedzi. Mana nye abolo aɖe si tɔgbi ame aɖeke mekpɔ kpɔ do ŋgɔ o. Mawu wɔ esia be miabɔbɔ mia ɖokui ale be miaƒe ŋuɖoɖo ɖe ye ŋu nadzi ɖe edzi, eye yeawɔ nyui na mi.


Mieɖo ŋku ale si Yehowa miaƒe Mawu kplɔ mi to gbedzi le ƒe blaene siawo sɔŋ me, bɔbɔ mi ɖe anyi, eye wòdo mi kpɔ be yeanya nu si miawɔ kple nenye be mialé yeƒe sewo me ɖe asi loo alo mialé wo me ɖe asi o la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa