Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 61:2 - Agbenya La

2 Meyɔ wò tso anyigba ƒe mlɔenu, meyɔ wò, esi nu te nye dzi ŋu belibelibeli; azɔ kplɔm yi ɖe agakpe si kɔ wum la dzi,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Mawu, se nye ɣli, eye nalé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 61:2
20 Mawu Ofanana  

Ne nu ti kɔ na nye gbɔgbɔ le menye la, wò koe nya nye mɔ. Ŋutsuwo tre mɔ ɖe mɔ si metona la dzi nam.


Nu te nye gbɔgbɔ ŋu le menye, eye nye dzi wɔ yaa le menye.


See, O! Yehowa, ɖo to nye ɣlidodo kple nye dzɔdzɔenyenye ƒe kukuɖeɖe. Ƒu to anyi ɖe nye gbedodoɖa si metso alakpanuyiwo me o.


Yehowa nye nye agakpe, nye mɔ kple nye xɔnametɔ. Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso. Eyae nye nye akpoxɔnu kple ɖeɖe ƒe ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ.


Yehowa li tegbee! Woakafu nye Agakpe la! Woado Mawu, nye Xɔla la, ɖe dzi bobobo!


Elabena le xaxaɣiwo la, atsyɔ nu dzinye le eƒe nɔƒe la me; aɣlam ɖe eƒe agbadɔ ƒe bebeƒe, eye wòakɔm aɖo agakpe kɔkɔ aɖe dzi.


Ehem do goe tso ʋe dziŋɔ me, eye wòɖem tso ba finyafinya me, hetsɔ nye afɔ ɖo agakpe dzi, eye wòna meli ke ɖe afi si metɔ ɖo.


Nye luʋɔ le nu xam le menye, eya ta maɖo ŋku dziwò le Yɔdanyigba dzi, le Hermon tame ke kple Mizar to dzi.


O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.


Vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém, eye ŋɔdzi gbagba blam.


Eya koe nye nye agakpe, nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ, eya ta nyemaʋã akpɔ gbeɖe o.


Eya hɔ̃ɔ koe nye nye agakpe, nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ, eya ta nyemaʋuʋu o.


O! Mawu, meɖo ŋku dziwò, eye meɖe hũu. Mele ŋeŋem, eye nu te nye gbɔgbɔ ŋu. Sela


Ame ɖe sia ɖe anɔ abe bebeƒe le yaƒoƒo nu kple sitsoƒe le ahom me ene. Anɔ abe tɔsisiwo le gbegbe kple agakpe ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.


“O! Wò du si kpe hiã, ahom lɔ wò ɖe nu, eye womefa akɔ na wò o. Matsɔ kpe ŋɔŋɔewo atu wòe, eye matsɔ adzagba aɖo gɔwòme anyi.


elabena eƒe gbɔgbɔ nɔ veve sem ale gbegbe be fifia nɔ dzadzam le eŋu abe ʋu ene ɖe anyigba le esime wònɔ gbe dom ɖa atraɖii.


“Ke miagade asi Yehowa, miaƒe Mawu la didi me. Miakpɔe ne miedii kple miaƒe dzi kple luʋɔ blibo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa