Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 60:3 - Agbenya La

3 Èna ɣeyiɣi sesẽwo tu wò dukɔ la, eye nèna wain mí míeno mu hele yiyim sɔgɔsɔgɔsɔgɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Mawu, ègbe mí, èkaka mí hlẽ èdo dɔmedzoe; gatrɔ mí gbɔe!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 60:3
16 Mawu Ofanana  

“Eya ta, azɔ la, Oo, Mawu gã, si ŋu ŋɔdzi le, wò ame si wɔa wò lɔlɔ̃ kple amenuveve ƒe ŋugbedodo dzi la, mègana fukpekpe siwo katã va mía dzi la, naɖi nu tsɛ aɖeke le wò ŋkume o. Fukpekpe geɖewo va míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo, fiaviwo, nyagblɔɖilawo kple tɔgbuiwo dzi ɣeyiɣi si Asiria fia ɖu mía dzi zi gbãtɔ va se ɖe egbe.


Togbɔ be èna mekpɔ xaxa geɖe kple vevesese hã la, àgaɖo nye agbe te, eye àva kplɔm ado goe tso anyigba ƒe tume ke.


Kplu aɖe le Yehowa ƒe asi me, wain si lɔ fu ɖe nu, eye wotsɔ nu ʋeʋĩ tɔtɔe la le eme; ekui na ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi, wonoe, no ahaƒã si le egɔme la hã ƒiaƒiaƒia.


O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, va se ɖe ɣe ka ɣi wò dɔmedzoe abi ɖe wò dukɔ ƒe gbedodoɖa ŋu?


Ètsɔ wainka tso Egipte, ènya dukɔwo, eye nèdoe.


Ɖe nàdo dɔmedzoe ɖe mía ŋu ɖikaa? Ɖe nàdidi wò dɔmedzoe la wòazɔ ato dzidzimewo katã mea?


Ète fli ɖe nu si nèbla kple wò dɔla me, eye nèdo gu eƒe fiakuku, tsɔe ƒu gbe ɖe ke me.


Nyɔ, nyɔ! O! Yerusalem, fɔ, wò ame si ƒe dɔmedzoekplu le Yehowa ƒe asi me. Wò ame si no nu muame la wòvɔ ƒioƒioƒio, kplu si nana amewo zɔna sɔgɔsɔgɔ.


Ale wò Aƒetɔ, Yehowa gblɔe nye esi, wò Mawu si ʋli eƒe dukɔ ta la be, “Kpɔ ɖa, mexɔ kplu si na nèle mumum sɔgɔsɔgɔ la le asiwò. Màgano nye dɔmedzoe ƒe nu muame la le kplu sia me azɔ gbeɖe o.


Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ nam nye esi: “Xɔ kplu si nye dɔmedzoewain yɔ la le asinye eye nàkpee na dukɔ siwo katã gbɔ madɔ wò ɖo la.


O, Edom vinyɔnu, tso aseye, wò ame si le Uznyigba dzi. Gake wòe woatsɔ kplu la ade asi na, amu wò eye woaɖe ama wò.


Èwɔ nya siwo wogblɔ ɖe míawo kple míaƒe dziɖulawo ŋu la dzi, to dzɔgbevɔ̃e gã hehe va mía dzi me. Le dziƒo blibo la te la, womewɔ naneke kpɔ abe nu si wowɔ Yerusalem la ene o.


Azɔ eɖo wò hã dziwò. Noe nàɖe amama eye ŋukpe nava dziwò le ŋutikɔkɔeteƒe. Kplu si Yehowa lé ɖe eƒe nuɖusime la gbɔna gbɔwò eye ŋukpe atsyɔ wò ŋutikɔkɔe dzi.


Du gã la ma ɖe akpa etɔ̃ me, eye dukɔwo ƒe duwo mu dze anyi. Mawu ɖo ŋku Babilonia Gã la dzi, eye wòtsɔ kplu si yɔ fũu kple eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe wain la nɛ.


eye woado ɣli be, “ ‘Baba! O du gã si do aklala biɖibiɖi kple avɔ dzĩ kple avɔ blɔtɔ ƒe awu legbe, eye nède sikakɔga si le dzo dam, kpe xɔasiwo kple dzonu ƒuƒuiwo, baba na wò!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa