“Ele nam ko abe Noa ƒe ɣeyiɣiwo me ene, esi meka atam be ale si tsi ɖe anyigbae le Noa ŋɔli la, magadzɔ nenema akpɔ gbeɖe o. Nenema kee meka atam azɔ be nyemagado dziku ɖe mia ŋuti o eye nyemagaka mo na mi akpɔ o.
Mègavɔ̃ o, O nye dɔla Yakob, elabena meli kpli wò. Togbɔ be metsrɔ̃ dukɔ siwo katã me mekaka mi ɖo ɖo keŋkeŋ hã la, nyematsrɔ̃ wò ya keŋkeŋkeŋ o. Mahe to na wò gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi; Ɖekoe nyemana nàyi tomahemahee kura o.”