8 Nyɔ, nye luʋɔ! Nyɔ, kasaŋku kple gasaŋku! Mana fɔŋli nanyɔ!
8 Nye dzi dze eme, Mawu, nye dzi dze eme; madzi ha, eye maƒo saŋku.
Wozɔ ge ɖe Yerusalem du la me esime wonɔ kasaŋkuwo kple saŋkuwo ƒom nɔ kpẽwo kum eye woyi ɖe gbedoxɔ la me.
Mitsɔ kpẽkuku kafui. Mitsɔ saŋku kple kasaŋku kafui.
Esia ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm, nye aɖe tso aseye, eye nye ŋutilã hã agbɔ ɖe eme le dedinɔnɔ me,
Ekema nye ta akɔ dzi agbɔ nye futɔ siwo ƒo xlãm godoo la ta; matsɔ dzidzɔɣli asa vɔ nɛ le eƒe agbadɔ kɔkɔe la me. Madzi ha, eye maƒo saŋku na Yehowa.
ale be nye dzi nadzi ha na wò, eye mazi ɖoɖoe o. O! Yehowa, nye Mawu, mada akpe na wò tegbetegbe.
Ekema mayi ɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui ŋgɔ, Mawu si nye nye aseyetsotso kple nye dzidzɔ. O! Mawu, nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku.
Nyɔ! O! Zion, nyɔ ne nàta ŋusẽ. Tsɔ wò atsyɔ̃vɔ nàta. O! Yerusalem, du kɔkɔe. Aʋamatsolawo kple ame makɔmakɔwo magage ɖe mewò azɔ o.
Midzi dzidzɔhawo, mi Yerusalem ƒe gli kpowo, elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòɖe Yerusalem.
Esia ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm, eye nye aɖe le aseye tsom be nye ŋutilã anɔ agbe le mɔkpɔkpɔ me.
Oo, Debora, nyɔ eye nàdzi ha! Oo, Barak, tsi tsitre! Oo, Abinoam ƒe vi, kplɔ wò aʋaléleawo dzoe!