6 Megblɔ be, “O! Ɖe wònye aʋala le asinye abe ahɔnɛ ene la, anye ne madzo aɖadzudzɔ le teƒe aɖe.
6 Vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém, eye nye lãme ble tu.
Yehowae mesi tso. Aleke miele gbɔgblɔm nam be, “Dzo abe xevi ene nàyi ɖe wò to dzi?
Ne medzo yi yame le fɔŋli ƒe aʋalawo dzi, ne meyi ɖanɔ atsiaƒu ƒe mlɔenu ke hã la,
Nye dzi tso, vɔvɔ̃ na medzo nyanyanya. Ale fiẽ fafɛ si mele mɔ kpɔm na la zu ŋɔdzi gã aɖe nam.
Wotsɔ hɔ̃ gã aɖe ƒe aʋala eveawo na nyɔnu la, ale be wòate ŋu adzo ayi ɖe teƒe si wodzra ɖo ɖi nɛ le gbedzi, afi si woakpɔ eta le hena ɣeyiɣi aɖe, ɣeyiɣiwo kple ɣeyiɣi afã le afi si ʋɔ driba la mate ŋu ade o la.