Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 54:1 - Agbenya La

1 Ɖem, O! Mawu, ɖem kple wò ŋkɔ, tsɔ wò ŋusẽ tso afia nam.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe nufiameha na kasaŋkuwo ƒe henɔ,

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 54:1
21 Mawu Ofanana  

Zifitɔwo va Saul gbɔ le Gibea eye wogblɔ nɛ be, “Ɖe David mebe ɖe Hakila togbɛ si dze ŋgɔ Yesimon to la dzi oa?”


Yehowa netɔ na wò ne èɖo xaxa me; Yakob ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ nanye ŋuwòdzɔla.


Yesu ɖeka pɛ ko dzi ame sia ame ato hafi akpɔ xɔxɔ, elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te si wona amegbetɔwo, esi me wòle be míakpɔ xɔxɔ la le o.”


Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ sesẽ, ame dzɔdzɔewo sina yia eme eye wonɔa dedie.


O! Mawu, mía Ɖela, kpe ɖe mía ŋu le wò ŋkɔ ƒe bubu ta. Ɖe mí, eye nàtsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí le wò ŋkɔ la ta.


O! Mawu, wò kafukafu de keke anyigba la ƒe mlɔenu ke abe wò ŋkɔ ene. Wò nuɖusi ɖua fia le dzɔdzɔenyenye me.


Adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu, elabena eyae aɖe eƒe amewo tso woƒe nu vɔ̃wo me.”


Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkɔ tso adzɔge gbɔna ɖa, eƒe dziku le bibim, eye lilikpo dodo ƒo xlãe. Elé ŋɔdzi ɖe nu, eye eƒe aɖe nye dzobinu.


“Ɖetugbi si menya ŋutsu o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be, Imanuel” (si gɔmee nye, “Mawu li kpli mí ”).


Evɔ la, woƒe Xɔnametɔ nye ŋusẽtɔ hafi, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ. Aʋli wo ta vevie, ale be wòana gbɔdzɔe woƒe anyigba, gake ana ame siwo katã le Babilonia la natsi dzimaɖi.”


O! Yehowa, tso afia nam, elabena menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o. Meɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, nyemeʋã kpɔ gbeɖe o.


“Oo Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, Mawu ɖeka si le dziƒowo, wòe nye anyigbadzifiaɖuƒewo katã Dziɖula, wò ŋusẽ tri akɔ, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò?


Vɔ̃e, eye nàwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi. Mègadze aglã ɖe eŋu o, elabena matsɔ wò nu vɔ̃wo ake wò o. Eyae nye nye teƒenɔla, eye nye ŋkɔ le eŋu.


“Mele egblɔm na mi be nɔvi ahe nɔvi ade ku me, eye vi fofo ade eya ŋutɔ via asi. Ɖeviwo atsi tsitre ɖe wo dzilawo ŋuti, eye woahe wo ade ku me.


elabena ŋusẽtɔe nye wo ta ʋlila; eye awɔ avu kpli wò ɖe wo nu.


Fia la nye ŋusẽtɔ, elɔ̃a afia nyui tsotso, wò la, èɖo dzɔdzɔenyenye anyi, eye nèwɔ nu si le dzɔdzɔe le Yakob me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa