Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 53:2 - Agbenya La

2 Mawu lé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu tso dziƒo, ne wòakpɔe ɖa be ame aɖe se nu gɔme alo di Mawu hã.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ahunetɔwo gblɔna le woƒe dzi me bena: Mawua ɖeke meli o! Wowɔa nu gbegblẽwo kple nu nyɔŋuwo le nu tovo wɔwɔwo me. Amea ɖeke meli, si wɔa nu nyui o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 53:2
14 Mawu Ofanana  

“Eye wò, vinye Solomo, dze si fofowòwo ƒe Mawu la eye nàsubɔe kple dzi faa kple wò susu blibo elabena Yehowa kpɔa dzi ɖe sia ɖe me eye wònyaa ame sia ame ƒe susu. Ne èdi Yehowa la, àkpɔe, ke ne ègbugbɔ le eyome la, atsɔ wò aƒu gbe tegbetegbe.


eye wòɖakpe Fia Asa esi wòtrɔ gbɔna tso aʋa. Azaria do ɣli be, “Asa, ɖo tom! Yuda kple Benyamin ƒe aʋakɔwo, miɖo to! Yehowa anɔ kpli mi ŋkeke ale si mianɔ eyome! Ɣe sia ɣi si miadii ko la, miakpɔe gake ne miegbugbɔ le eyome la, eya hã agbugbɔ le mia yome.


Ke hã la, nu nyui aɖe le mewò elabena èɖe aƒeliwo ɖa le anyigba la dzi eye nètsɔ wò dzi ɖo Mawu didi ŋu.”


Tete wògblɔ na amegbetɔ be, ‘Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃e nye nunya eye nugbegbe le vɔ̃ gbɔe nye gɔmesese.’ ”


Ame vɔ̃ɖi la media eƒe mɔ o, le dada viviwo ta, le eƒe ŋugblededewo katã me la, meɖoa ŋku Mawu dzi o.


“Yehowa kpɔ nu tso eƒe kɔkɔeƒe la, eye wòkpɔ anyigba tso dziƒo,


Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me; Yehowa le eƒe fiazikpui dzi le dziƒo. Elé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu, eye wòdo wo kpɔ.


Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, eye ame siwo katã léa eƒe sewo me ɖe asi la, gɔmesese nyui sua wo si. Eya tɔe nye kafukafu tegbee.


Nye dzi le gbɔgblɔm le ŋuwò be, “Di eƒe ŋkume!” Yehowa, wò ŋkumee madi.


Midi Yehowa zi ale si miate ŋu ake ɖe eŋu. Miyɔe zi ale si wòtsɔ ɖe mia gbɔ.


Elabena nye ŋku le woƒe mɔwo katã ŋu, womele ɣaɣla ɖem o eye woƒe nu vɔ̃wo hã meɣla ɖe nye ŋkuwo o.


Ɖe ame aɖe abe ɖe bebeƒe aɖe be nyemate ŋu akpɔe oa?” Yehowae gblɔe. “Ɖe nyemeyɔ dziƒo kple anyigba taŋtaŋ oa?” Yehowae gblɔe.


Milé ŋku ɖe wo ŋu nyuie, elabena esiae aɖe miaƒe nunya kple nugɔmesese afia dukɔ siwo ase se siawo, eye woagblɔ be, ‘Vavãe, dukɔ xɔŋkɔ sia me tɔwo nye nunyalawo kple nugɔmeselawo.’


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa