Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 52:2 - Agbenya La

2 Wò aɖe le gbegblẽ ɖom; èle abe hɛ ɖaɖɛ ene, wò alakpatɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 le esime Edomtɔ Doeg va to na Saul bena, Dawid le Abimelex ƒe me.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 52:2
21 Mawu Ofanana  

elabena ame vɔ̃ɖiwo kple alakpatɔwo, ke woƒe nuwo ɖe ŋutinye, eye wogblɔ nya ɖe ŋunye kple alakpaɖewo.


O! Yehowa, ɖem, tso aʋatsonuyiwo kple alakpaɖewo ƒe asi me.


Nya vlowo doa go le nuwò, eye wò aɖe blea ame.


Mele dzatawo dome, memlɔ lã lénuwo dome, amegbetɔ siwo ƒe aɖuwo nye akplɔwo kple aŋutrɔwo, eye woƒe aɖewo nye yi ɖaɖɛwo.


Kpɔ nu si wotu tso woƒe nu me la ɖa, wotu nyawo tso woƒe nuyiwo me le gbɔgblɔm be, “Ame ka ate ŋu aɖo to mí?”


Nya vlowo ƒona ɖe ame abe yi ene, ke ame dzɔdzɔe ƒe aɖe hea dɔyɔyɔ vɛ.


Ku kple agbe ƒe ŋusẽ le aɖe si, eye ame siwo lɔ̃e la aɖu eƒe kutsetse.


ame siwo ƒe aɖu le abe yi ene eye woƒe glãwo le abe hɛ ɖaɖɛwo ene, ne woavuvu ame dahewo le anyigba dzi eye woaɖe hiãtɔwo ɖa le amegbetɔwo dome.


Tete wogblɔ be, “Miva, mina míaɖo nugbe ɖe Yeremia ŋu, elabena mele be nunɔlawo ƒe se la fiafia, nunyalawo ƒe aɖaŋudede alo nyagblɔɖilawo ƒe nyawo nabu o, eya ta miva míawɔ avu kplii kple míaƒe aɖewo, eye míado toku nu sia nu si wòagblɔ.”


Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe eye yewoatso kufia nɛ,


Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, nunɔlagã Anania kple eŋumewo yi Kaesarea be yewoatsɔ nya ɖe Paulo ŋu. Ame siwo nɔ Anania ŋu la woe nye, Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖewo kple senyala Tertulo.


“Ame si wokplɔ va gbɔwòe la, ame vɔ̃ɖi aɖe ŋutɔ wònye. Eƒe dɔ koe nye be wòanɔ ʋunyaʋunya dem Yudatɔwo dome le xexea me katã godoo be woatsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖu la ŋu, anɔ woƒe sewo kple kɔnuwo dzi dam. Eya kee nye habɔbɔ si woyɔna be, Nazaretitɔwo la ƒe amegã.


Nenɔ nyanya me na mi be menye Mawue dɔ aʋatsopostolo mawo o. Alakpatɔwo wonye, eye wodze agbagba ble mi be Kristo ƒe apostolowo yewonye.


Ke míegbea nu le vivitimenuwɔnawo kple ŋukpenanuwɔwɔwo gbɔ. Míeblua afɔ na Mawu ƒe nya la o, ke boŋ míegblɔa nyateƒenya vavãtɔ la na ame sia ame. Míegbe nu le alakpadada gbɔ helé nyateƒe la ko me ɖe asi be amewo nanya le woƒe dzi me be míenye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋkume.


Tete mese gbe sesẽ aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Azɔ ko míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe, ŋusẽ kple fiaɖuƒe la kple eƒe Kristo ƒe dziɖuɖu ƒe ŋusẽ la va ɖo, elabena wotsɔ mía nɔviawo nu tsola, ame si nɔa wo nu tsom zã kple keli le Mawu ŋkume la ƒu gbe ɖe anyigba.


Ke Doeg, Edomtɔ, si nɔ tsitre kple Saul ƒe amewo le afi ma la gblɔ be, “Esi menɔ Nɔb la, mekpɔ Yese viŋutsu la wònɔ dze ɖom kple Ahimelek, Ahitub viŋutsu la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa