Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 51:4 - Agbenya La

4 Ŋuwò, wò ko ŋu mewɔ nu vɔ̃ ɖo, eye nu si nye vɔ̃ le wò ŋkume la mewɔ, eya ta ne èle nu ƒom la, woaɖee afia be tɔwò dzɔ, eye ne ètso afia la, woagblɔ be ele eteƒe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me, eye naklɔ ŋunye tso nye nuvɔ̃ me!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 51:4
23 Mawu Ofanana  

Mawu ɖo eŋu be, “Ɛ̃, menyae nenema, eya ta mekpɔ egbɔ be mèwɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye o. Esia tae nyemeɖe mɔ na wò be nàka asi eŋu o ɖo.


Ke Er, Yuda ƒe ŋgɔgbevi nye ŋutsu vɔ̃ɖi aɖe, eya ta Yehowa wui.


Ŋusẽ megale esi wum le aƒe sia me o! Meɖe naneke le nye dzikpɔkpɔ te o, negbe wò ko, elabena srɔ̃e nènye. Aleke mate ŋu awɔ nu vɔ̃ɖi, ŋutasẽnu sia tɔgbi? Anye nu vɔ̃ gã aɖe mawɔ ɖe Mawu ŋu.”


“Ame sia ame si akɔ ame ƒe ʋu ɖi la, ame akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi, elabena Mawu ƒe nɔnɔme me Mawu wɔe ɖo.


Wotsɔ wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo gɔ̃ hã wɔ numevɔsae le Molek ƒe vɔsamlekpuiwo dzi. Wodea afakalawo gbɔ, saa dzowo eye wotsɔ wo ɖokuiwo de asi na nu vɔ̃. Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie.


Etsɔa Via ŋutsuvi saa dzovɔe. Ekaa afa, dea nubiaƒe kple ŋɔliyɔlawo gbɔ. Ewɔ nu siwo nye vɔ̃ la geɖe fũu le Yehowa ŋkume hetsɔ do dzikue nɛ.


Eɖi ʋɔnu, eye wòyɔ dziƒo kple anyigba ne wòadrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ,


Dziƒo ɖe gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye, elabena Mawu ŋutɔe nye ʋɔnudrɔ̃la. Sela


“Nyee, ɛ̃, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemagaɖo ŋku wò nu vɔ̃wo dzi o.


Ele be wòatsɔe ana abe fɔɖivɔsa ene, elabena eɖi fɔ le Yehowa ŋkume.”


“Ɖevia gblɔ na fofoa be, ‘Fofo, meɖe kuku mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple ŋuwò, eye nyemegadze be manye viwò o.’


(Ame siwo katã se Yohanes ƒe mawunyagbɔgblɔ kpɔ dometɔ aɖewo siwo nye nudzɔlawo la kpɔ ŋudzedze le Mawu ƒe ɖoɖowo ŋu, eye wona Yohanes de mawutsi ta na wo.


elabena eɖo ŋkeke tɔxɛ aɖe da ɖi be yeava drɔ̃ ʋɔnu xexea me, eya ŋutɔ tia ame si le ʋɔnu la drɔ̃ ge la da ɖi, eye eyae nye ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.”


Gake ɖe miaƒe tomaɖomaɖo kple dzimesesẽ ta la, miaƒe nu vɔ̃wo le agbɔ sɔm ɖe edzi, hele Mawu ƒe dɔmedzoeŋkeke la lalam, esime wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.


Gbeɖe! Mawu nye anukwaretɔ, eye ame sia ame nye aʋatsokala, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Be woatso afia na wò le wò nyawo me, eye nàɖu dzi ne èdrɔ̃ ʋɔnu.”


elabena ame si de se be, “Mègawɔ ahasi o” la, eya kee de se be, “Mègawu ame o.” Eya ta ne mèwɔ ahasi o, gake nèwu ame la, ènye sedzidala.


Ke ne miele ame ŋkume kpɔm la, miewɔ nu vɔ̃, eye se la bu fɔ mi be mienye sedzidalawo.


Tete mese mawudɔla si kpɔa tsinyawo dzi la gblɔ be, “Wò la, wò ʋɔnudɔdrɔ̃ siawo le eteƒe. Wò, kɔkɔetɔ si li fifia, eye nènɔ anyi kpɔ la, Wò afiatsotsowo le eteƒe,


Mekpɔ dziƒo nu le ʋuʋu ɖi, eye ame aɖe si le sɔ ɣi aɖe dzi la le nye ŋkume. Sɔdola la ƒe ŋkɔe nye Nuteƒewɔla kple Nyateƒetɔ. Edrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa