Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 51:3 - Agbenya La

3 Elabena menya nye dzidadawo, eye nye nu vɔ̃wo le nye ŋkume ɖaa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Mawu, ve nunye le wò dɔmenyo la nu, eye le wò nublanui-kpɔkpɔ sɔgbɔ la nu tutu nye dzidadawo ɖa!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 51:3
12 Mawu Ofanana  

Israelviwo ɖe wo ɖokui ɖe aga tso amedzrowo gbɔ. Wotsi tsitre ɖe wo nɔƒewo, eye woʋu woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ kple wo fofowo ƒe nu tovowo wɔwɔ me.


Tete wòvaa amewo gbɔ, gblɔna be, ‘Mewɔ nu vɔ̃ hedo vlo nu si le dzɔdzɔe gake nyemexɔ tohehe si medze na la o.


Tete meɖe nye nu vɔ̃wo fia wò, eye nyemetsyɔ nu nye dzidadawo dzi o. Megblɔ be, “Maʋu nye dzidadawo me na Yehowa”, eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒe yomedzenuwo kem. Sela


Meʋu nye dzidada me, eye nye nu vɔ̃ ɖe fu nam.


elabena fukpekpe siwo mele xexlẽ o la ɖe to ɖem, nye nu vɔ̃wo wu tsɔtsɔ nam eye nyemegate ŋu le nu kpɔm o. Wosɔ gbɔ wu nye taɖa, eye dzi ɖe le ƒonye.


Nye futɔwo le gbɔgblɔm tso ŋunye fewuɖutɔe be, “Ɣe ka ɣi gɔ̃e wòle kuku ge ne eƒe ŋkɔ natsrɔ̃?”


Nu medzea edzi na ame si ɣla eƒe nu vɔ̃ o, ke wokpɔa nublanui na ame si ʋu eƒe nu vɔ̃wo me eye wògbe nu le wo gbɔ.


“Nyee, ɛ̃, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemagaɖo ŋku wò nu vɔ̃wo dzi o.


elabena míaƒe dzidadawo sɔ gbɔ le ŋkuwò me eye míaƒe nu vɔ̃wo le mía nu tsom. Míenya míaƒe dzidadawo, eye míedze si miaƒe nu vɔ̃,


Mina míamlɔ míaƒe ŋukpe me eye míaƒe vlododo netsyɔ mía dzi. Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu, míawo kple mía fofowo siaa, tso míaƒe ɖekakpuime va se ɖe egbe sia, míeɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa