Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 51:11 - Agbenya La

11 Mègatsɔm ƒu gbe le wò ŋkume, alo nàxɔ wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le asinye o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ɣla wò mo ɖe nuvɔ̃nyewo, eye tutu nye vodadawo katã ɖa!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 51:11
23 Mawu Ofanana  

Migado nuxaxa na Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o, elabena eyae wotsɔ de dzesi mi hena miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ.


Ke Yehowa ve Israelviwo nu eye wometsrɔ̃ wo keŋkeŋ o. Eva eme alea elabena Yehowa kpɔ nublanui na wo. Hekpe ɖe esia ŋu la, enɔ nubabla si wòwɔ kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi wɔm kokoko.


Ke miawo la, mienɔa agbe le ŋutilã nu o, ke boŋ mienɔa agbe le Gbɔgbɔ la nu, ne ele eme be Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me. Eye ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, eya amea menye Kristo tɔ o.


Tete Yehowa gblɔ be, “Mele be nye Gbɔgbɔ naganɔ amegbetɔwo me tegbee o, elabena amegbetɔwo wɔ nu vɔ̃ le goawo katã me. Woƒe agbemeŋkekewo anye ƒe alafa ɖeka kple blaeve.”


Ke Nyaxɔɖeakɔla, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Fofo la adɔ ɖo ɖa le nye ŋkɔ me la afia nu geɖewo mi, eye wòaɖo ŋku nu siwo katã mefia mi la dzi na mi.


“Azɔ nenye be mi ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo mienaa nu nyui mia viwo la, ɖe mienya be mia Fofo si le dziƒo la anyo dɔ me, ana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame siwo biae la oa?”


O! Mawu, ne metsi, ƒo wɔ hã la, mègagblẽm ɖi o, va se ɖe esime maɖe gbeƒã wò ŋusẽ na dzidzime si ava dzɔ kple wò ŋusẽ na ame siwo woava dzi.


Ke Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le Saul dzi. Yehowa na be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea Saul dzi heɖea fu nɛ.


Esi Saul kple subɔla la ɖo Gibea la, wodo go Nyagblɔɖilawo ƒe ha wogbɔna go do ge wo. Mawu ƒe Gbɔgbɔ dze Saul dzi kple ŋusẽ eye eya hã de asi nyagbɔgblɔɖi me kpli wo.


Azɔ edo ɣli be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!” Samson nyɔ hebu le ta me be, “Mawɔ abe tsã ene. Maʋuʋu ɖokuinye eye magado tso woƒe asi me.” Ke medze sii be Yehowa dzo le ye gbɔ o.


Woahe to na wo le dzomavɔ la me, eye womagakpɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkume akpɔ gbeɖe o. Gawu la, womakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋusẽ hã o,


Mègatsɔm ƒu gbe, ne meku amegã o, eye mègagblẽm ɖi ne ŋusẽ vɔ le ŋunye o.


Yehowa ƒe dziku tae nu siawo katã va Yerusalem kple Yuda dzi ɖo. Eye le nuwuwu la, eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta. Ke azɔ la, Zedekia dze aglã ɖe Babilonia fia ŋuti.


ke nye lɔlɔ̃ maɖe ɖa le edzi abe ale si meɖee ɖa le Saul, ame si ɖu fia do ŋgɔ na wò la dzi ene o.


Esi Samson kple Yuda ŋutsu siwo lée ɖo Lehi la, Filistitɔwo tso aseye kple ɣli. Enumake Yehowa ƒe ŋusẽ gaɖo Samson me eye atagbika siwo wotsɔ blae la tso abe ɖetika ko wonye ene eye woge le alɔnu nɛ!


Manya mi ɖa tso nye ŋkume abe ale si mewɔ mia nɔvi Efraimviwo ene.’


Wòe nye Mawu, nye mɔ sesẽ. Nu ka ta nègbem ɖo? Nu ka ta manɔ yiyim, anɔ nu xam le nye futɔwo ƒe teteɖeanyi ta ɖo?


elabena ènyam ɖa tso nye agble kple wò ŋutɔ gbɔ, èwɔm tsaglãlatsala kple godzela, eye ame sia ame si akpɔm la, adi be yeawum.”


To Via, Yesu Kristo, ƒe tsitretsitsi me la, Mawu fia be eyae nye Mawu ƒe Vi ŋusẽtɔ la, eye Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme kɔkɔe la le eme.


elabena Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ Yuda abe ale si metsrɔ̃ Israel ene eye maɖe asi le Yerusalem, du si metia kple gbedoxɔ si megblɔ be enye tɔnye la ŋu.”


Yehowa ƒe Gbɔgbɔ de asi edzidzedze me le Dan ƒe asaɖa me le Zora kple Estaol duawo dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa