Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 50:3 - Agbenya La

3 Míaƒe Mawu la gbɔna, ahom le tutum le eŋgɔ, dzo le nu bim le eŋgɔ, eye mazi ɖoɖoe o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Mía Mawu gbɔna, ɖoɖoe mazi le eŋu o, dzo le nu bim le eŋgɔ, eye ahom sesẽ ɖe to ɖee.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 50:3
28 Mawu Ofanana  

elabena Mawu siae nye míaƒe Mawu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me; eyae anye mía kplɔla yi ɖase ɖe nuwuwu.


Nu siawoe nye nu siwo nèwɔ hafi mezi ɖoɖoe, eye nèsusu be ɖeko mele abe ye ene, gake maka mo na wò, eye mado asi ɖe mo na wò.


Míaƒe Mawu nye Mawu si xɔna na ame; ɖeɖe tso ku me vana to Aƒetɔ Yehowa ko dzi.


O! Mawu, mègazi kpi o, O! Mawu, mègazi ɖoɖoe o, mèganɔ anyi kpoo o.


woadzi ha le Yehowa ŋgɔ, elabena egbɔna, eye wògbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge. Adrɔ̃ ʋɔnu xexea me le dzɔdzɔenyenye me kple dukɔwo le nyateƒe me.


Dzudzɔ tsyɔ Sinai to blibo la dzi, elabena Yehowa ɖi ɖe edzi le dzo ƒe nɔnɔme me. Dzudzɔ la yi dzi ʋĩi abe kpodzo gã aɖe ƒe dzudzɔ ene. To blibo la ʋuʋu kpekpekpe.


migblɔ na ame siwo ƒe dzi le vɔvɔ̃m be, “Misẽ ŋu, migavɔ̃ o. Miaƒe Mawu la gbɔna. Ava kple hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo, eye wòaɖe mi.”


Melé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye mekpɔ ahomya gbɔna tso anyiehe kple lilikpo gã aɖe si le dzo kem, eye keklẽ gã aɖe ƒo xlãe. Dzo la titina ɖi ga si le keklẽm,


Dzotɔsisi aɖe nɔ sisim le eŋgɔ. Ame akpe akpewo nɔ esubɔm, ame akpe ewo teƒe akpe ewo nɔ tsitre ɖe eŋgɔ. Ʋɔnu la ɖi anyi eye woke agbalẽawo.


eya ta dzo tso Yehowa gbɔ, eye wòtsrɔ̃ wo; ale woku le Yehowa ŋkume.


Dɔ vɔ̃ le zɔzɔm le eŋgɔ eye dɔxɔleameŋu le eyome.


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Kpɔ ɖa! Minɔ ŋudzɔ, ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la gbɔna, ele bibim abe kpodzo ene. Dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo abi abe be ene eye abe ati ene la, woabi kple woƒe alɔwo kple kewo siaa.


Dzo ge tso Yehowa gbɔ va fia ame alafa eve blaatɔ̃ (250) siwo nɔ dzudzɔ dom.


Elé eƒe lugbɔnu ɖe asi. Akplɔ eƒe lugbɔƒe ƒiaƒiaƒia, alɔ lu la ɖe eƒe ava me. Ke atɔ dzo tsroa kple dzo matsimatsi.”


Ke Yehowa, wò Mawu la anɔ ŋgɔ na wò abe dzo si fiaa nu ene be yeatsrɔ̃ wo ale be nàte ŋu aɖu wo dzi kaba, eye nànya wo ɖa le anyigba la dzi.


elabena dzo si fiaa nu lae nye míaƒe Mawu la.


aleke míawo ya míawɔ asi le enu ne míegbe toɖoɖo ɖeɖenya gã sia? Ɖeɖe sia si Aƒetɔ la ŋutɔ ɖe gbeƒãe zi gbãtɔ la woɖo kpe edzi na mi to ame siwo ɖo toe la dzi.


Ame si le ɖase ɖim le nu siawo ŋuti la gblɔ be, “Ɛ̃, megbɔna kpuie.” Amen. Va, Aƒetɔ Yesu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa