3 Nye nu agblɔ nunya ƒe nyawo, eye nya siwo ado tso nye dzi me la ahe gɔmesese vɛ.
3 mi hahooawo kple amegãviwo, mi kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa!
Nye nyawo tso dzi vavã me eye nye nu agblɔ nu si menya le anukware me.
Gake ne mele eme o la, ekema nàɖo tom, zi ɖoɖoe ne mafia nunya wò.”
Nye ŋugbledede nedze eŋu, esi mele dzidzɔ kpɔm le Yehowa me.
Kekeli vana ne woʋu go wò nyawo, eye nugɔmesese sua ame gblɔewo gɔ̃ hã si.
Na be nye numenyawo kple nye dzi ƒe ŋugbledede nadze ŋuwò, O! Yehowa, nye Agakpe kple nye Xɔnametɔ.
Nunyanya doa go tso ame dzɔdzɔe ƒe nu me, eye eƒe aɖe gblɔa nu si le eteƒe.
Minyae be Yehowa tia mawuvɔ̃lawo na eɖokui, eya ta Yehowa asee, ne meyɔe.
Nya nyuiwo le fiefiem le nye dzi me esi mele ha sia kpam na fia la, eye nye aɖee nye nuŋlɔla adodoea ƒe nuŋlɔti.
Ƒu to anyi eye nàse nunyalawo ƒe nyawo, na wò dzi naku ɖe nu si fiam mele ŋuti,
Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũu kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye sia fiana.
Nye nyawo adza ɖe mia dzi abe tsi kple zãmu ene, abe tsidzadza ɖe gbe bɔbɔe dzi ene, abe gbafie le togbɛwo ŋu ene.