Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 48:9 - Agbenya La

9 O! Mawu, míedea ŋugble le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu le wò gbedoxɔ me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Míekpɔe le Yehowa Zebaot ƒe ɖu kple mía Mawu ƒe du la me, abe alesi míesee ene. Mawu ali kee tegbee. Sela.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 48:9
14 Mawu Ofanana  

Seba fianyɔnu la gblɔ na fia la be, “Nutsotso siwo katã mese le nye ŋutɔ nye dukɔ me tso wò dzidzedzekpɔkpɔwo kple wò nunya ŋu la nye nyateƒe.


Nyemexɔe se o va se ɖe esime meva ɖo afi sia. Ke azɔ la, nye ŋutɔ mekpɔ wo katã na ɖokuinye! Kpɔ ɖa, womegblɔ ale si tututu nuwo le la ƒe afã gɔ̃ hã nam o! Wò nunya kple kesinɔtɔnyenye ƒo nu siwo katã mese kpɔ la ta!


Nye ŋugbledede nedze eŋu, esi mele dzidzɔ kpɔm le Yehowa me.


elabena wò lɔlɔ̃ le ŋkunye me ɖaa, eye mezɔna le wò nyateƒe la me ɣe sia ɣi.


Nyemeɣla wò dzɔdzɔenyenye ɖe nye dzi me o, ke boŋ meƒo nu le wò nuteƒewɔwɔ kple ɖeɖe ŋuti. Nyemeɣla wò lɔlɔ̃ kple wò nyateƒe la ɖe ameha gã la o.


Vavã, woagblɔ le Zion ŋu be, “Wodzi esia kple ekemɛ le afi ma, eye Dziƒoʋĩtɔ la ŋutɔ aɖo egɔme anyi.”


Kplɔm ɖe asi, na míaɖe abla! Fia la nekplɔm yi eƒe xɔ mee. Míatso aseye, akpɔ dzidzɔ ɖe ŋutiwò, eye míakafu wò lɔlɔ̃ wu wain. Ele eteƒe be wole lɔ̃wòm alea!


Ɛ̃, Yehowa, míele zɔzɔm le wò se la nu hele lalawòm; wò ŋkɔ kple wò gãnyenye nye míaƒe dziwo ƒe didi.


Balime afi si wotsɔ ŋutilã kukuwo kple woƒe afiwo ƒu gbe ɖo la katã kple agbleliƒowo me va ke ɖe keke Kidron Balime, le ɣedzeƒe lɔƒo, va se ɖe keke Sɔgbo la ƒe dzogoe dzi, ke anye teƒe kɔkɔe na Yehowa. Womagagbã du sia alo agblẽe akpɔ gbeɖe o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa